Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 26:10 - Agbenya La

10 Eya ta anyigba ke nu mi wo, eye dzo tso Yehowa gbɔ wu ame alafa eve blaatɔ̃ (250) wòzu ŋkuɖodzinu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 eye anyigba ke nu mi wo kpe ɖe Korax ŋu, eye ha la ku, eye dzo fiã ŋutsu alafa eve blaatɔ̃awo, eye wòzu ŋkuɖodzinu la.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 26:10
15 Mawu Ofanana  

Ale Israelviwo ɖu “mana” ƒe blaene va se ɖe esime woɖo Kanaanyigba ƒe liƒo dzi, afi si agblemenukuwo nɔ woaɖu.


Le wo ta la, ame siwo katã yi aboyo me le Babilonia tso Yuda la awɔ fiƒodenya siawo ŋu dɔ, ‘Yehowa awɔ wò abe Zedekia kple Ahab ene, ame siwo Babilonia fia tɔ dzoe.’


Matɔ ŋku ame ma, mawɔe wòanye kpɔɖeŋu kple nyatoto, eye maɖee ɖa le nye amewo dome. Ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.’


Ɖoɖo lae nye be woana amewo nadze aglã ɖe Mose ŋu. Ame siwo lɔ̃ ɖe aglãdzedze ƒe ɖoɖo sia dzi kple Israelviwo ƒe xexlẽmee nye ame alafa eve blaatɔ̃ (250). Wonye kplɔlawo kple aɖaŋudelawo.


tso ame siwo wɔ nu vɔ̃, eye woku la ƒe dzudzɔdosonuwo gbɔ. Na wòatsɔ dzudzɔdosonuawo atu ga gbadza aɖe atsyɔ vɔsamlekpui la dzi, elabena dzudzɔdosonu siawo le kɔkɔe esi wowɔ wo ŋu dɔ le Yehowa ŋkume ta. Ale ga gbadza si tsyɔ vɔsamlekpui la dzi la azu ŋkuɖodzinu na Israelviwo.”


Ele be Aron ƒe ŋkɔ nanɔ Levi ƒe viwo ƒe to la tɔ dzi.


“Mía fofo ku le gbedzi. Enɔ Korah yomedzelawo dome, ame siwo bla nu, eye wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu, ke eku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta, eye megblẽ viŋutsu aɖeke ɖe megbe o.


Womenɔ afi ma esime Datan kple Abiram, Eliab ƒe viŋutsuwo kple Ruben ƒe dzidzimeviwo wɔ nu vɔ̃, eye anyigba ke nu mi wo, woƒe aƒemetɔwo, agbadɔwo kple woƒe nuwo katã le Israelviwo katã ŋkume o!


Ŋɔdzinu siawo ava wò kple wò dzidzimeviwo dzi, eye woanye nusɔsrɔ̃ na wò.


ne ebu fɔ Sodom kple Gomora duawo hena dzo fia wo, wozu afi, eye wòtsɔ wo wɔ kpɔɖeŋu na nu si adzɔ ɖe mawumavɔ̃lawo dzi;


Nenema ke Sodom kple Gomora kple du siwo ƒo xlã wo la tsɔ wo ɖokuiwo dzra na ŋutilãmeŋunyɔnuwo wɔwɔ kple agbe vlo nɔnɔ. Wonye ame siwo le fu kpem le dzomavɔ ƒe tohehe me la ƒe kpɔɖeŋu.


“ ‘Azɔ nu si ava dzɔ ɖe viwò ŋutsu eveawo, siwo nye Hofni kple Finehas dzi anye dzesi na wò; wo ame evea katã woaku le ŋkeke ɖeka dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa