Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 24:2 - Agbenya La

2 Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Bileam fɔ kɔ dzi, kpɔ alesi Israel ƒu asaɖa anyi tototoe. Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ va edzi,

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 24:2
17 Mawu Ofanana  

Mawu ƒe Gbɔgbɔ va Azaria, Obed ƒe vi dzi


Ame kae nye esi le dzedzem abe agudzedze ene, nyo abe ɣleti ene, le keklẽm abe ɣe ene, eye wòle zɔzɔm fiatɔe abe ɣletiviwoe le asaɖa bɔm ene?


Nye dzi lɔlɔ̃a, èdze tugbe abe Tirza ene, ènya kpɔ abe Yerusalem ene, eye fianyenye le ŋutiwò abe asrafoha siwo lé aflaga ɖe asi ene.


“O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo! O! Israel, wò nɔƒewo nyo!


Simɔn, ame si nye Zelotetɔ kple Yuda Iskariɔt, ame si va de Yesu asi.


Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene!


Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’


Gake migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖo to mi o. Ke boŋ midzɔ dzi be woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒonɔlawo dome.”


Esime menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea dzi la, mese gbe sesẽ aɖe le megbenye abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene.


Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe Otniel dzi eye wòzu Ʋɔnudrɔ̃la na Israel. Esi wòkplɔ Israel ƒe aʋakɔ eye wowɔ aʋa kple Aram, Fia Kusan Risataim la, Yehowa kpe ɖe Israelviwo ŋu be woɖu dzi.


Esi Saul kple subɔla la ɖo Gibea la, wodo go Nyagblɔɖilawo ƒe ha wogbɔna go do ge wo. Mawu ƒe Gbɔgbɔ dze Saul dzi kple ŋusẽ eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me kpli wo.


eɖo asrafowo ɖa be woalée vɛ. Ke esi woɖo afi ma eye wokpɔ Samuel kple nyagblɔɖila bubuwo nɔ nya gblɔm ɖi la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ va wo dzi eye woawo hã de asi nyagbɔgblɔɖi me.


Ke esi wòyina Nayɔt la, Mawu ƒe gbɔgbɔ va eya hã dzi eye eya hã de asi nyagbɔgblɔɖi me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa