Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 24:1 - Agbenya La

1 Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi Bileam kpo bena, edze Yehowa ŋu be, wòayra Israel la, megayi afã ka ge abe tsã ene o, boŋ etrɔ mo ɖe gbedzi gome.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 24:1
13 Mawu Ofanana  

Esi ŋu ke la, Balaam gblɔ na Balak ƒe ameawo be, “Mitrɔ dzo! Yehowa meɖe mɔ nam be mawɔ nu si miaƒe fia di be mawɔ o.”


Ame siwo wòdɔ ɖo ɖe Balaam gbɔ la woe nye, Moabtɔwo kple Midiantɔwo ƒe ametsitsiwo. Wotsɔ ga ɖe asi yi na Balaam, eye woɖe nu si Balak di be wòawɔ na ye la me nɛ nyuie.


Balaam gblɔ na Balak be, “Tsi tsitre ɖe afi sia, ɖe wò numevɔsa la gbɔ ne mayi aɖado go Yehowa.”


Kpɔ ɖa, Mawu ɖe gbe nam be mayra Israelviwo. Mawu ŋutɔ yra wo xoxo, nyemate ŋu aklo yayra sia ɖa o!


dzoka maɖi Yakob ŋu o. Ne wosa vɔ kɔ ɖe Israelviwo dzi hã la, maɖi wo ŋu akpɔ o, elabena woagblɔ le Israel ŋu azɔ be, ‘Mawu wɔ nu gãwo na wo!


Ale Fia Balak kplɔ Balaam yi Peor to la dzi le gbegbe la tame.


Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi.


Balak wɔ nu si Balaam ɖo nɛ la, eye wòtsɔ nyitsuvi ɖeka kple agbo ɖeka sa vɔe ɖe vɔsamlekpuiawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.


Ame siawo tututue wɔ Balaam ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi, eye wona Israelviwo subɔ legbawo le Peor to la dzi; woawoe he dɔvɔ̃ si wu mí la vɛ.


Ke hã la, nya ʋɛ aɖewo le asinye ɖe ŋutiwò. Ame aɖewo le mia dome afi ma, ame siwo galé Balaam ƒe nufiafiawo me ɖe asi ko, ame si fia Balak be wòable Israelviwo nu woawɔ nu vɔ̃ to nuɖuɖu siwo wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu kple ahasiwɔwɔ me.


Azɔ la medze sii be èle fia ɖu ge kokoko eye Israel fiaɖuƒe la ali ke ɖe asiwò me.


Ale Saul yi Zif gbegbe kple eƒe ame akpe etɔ̃ (3,000) siwo wòtia tso Israel eye woyi be woadi David.


Saul gblɔ na David be, “Woayra wò, vinye David; àwɔ nu dzɔatsuwo eye ànye dziɖula gã aɖe.” David trɔ dzo eye Saul yi eƒe nɔƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa