Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 22:8 - Agbenya La

8 Balaam gblɔ na wo be, “Mitsi afi sia dɔ. Etsɔ ŋdi la, magblɔ nu sia nu si Yehowa agblɔ nam be magblɔ la na mi.” Ale wotsi afi ma dɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eɖo ŋu na wo bena: Mitsi afisia dɔ, emegbe magblɔ, alesi Yehowa ato nam la na mi. Eye Moab-amegãwo tsi Bileam gbɔ.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 22:8
13 Mawu Ofanana  

Ke Mawu ƒe ame la ɖo eŋu na Fia la be, “Ne àtsɔ wò kesinɔnuwo ƒe afã nam gɔ̃ hã la, nyemayi kpli wò loo alo aɖu abolo alo ano tsi le afi ma o


Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be nya si Yehowa gblɔ nam la ko magblɔ.”


Èdo wo, woto ke eye wotsi hetse ku. Wò ŋkɔ le nu na wo gake woƒe dziwo le adzɔge tso gbɔwò.


Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu.


Yehowa gblɔ na wo be, “Miɖo to nye nyawo: “Ne Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖe le mia dome la, meɖea ɖokuinye fianɛ le ŋutegawo me, eye meƒoa nu nɛ le drɔ̃ewo me.


Ke Balaam ɖo eŋu be, “Ne Balak tsɔ fiasã si klosalo kple sika yɔ gɔ̃ hã anam la, nyemate ŋu awɔ naneke si atsi tsitre ɖe Yehowa, nye Mawu ƒe gbeɖeɖe ŋu o.


Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Meva, gake ŋusẽ mele asinye be magblɔ nya aɖeke o, negbe esi Mawu ɖo nam be magblɔ la ko, eye eya koe nye nya si magblɔ.”


Ame siwo wòdɔ ɖo ɖe Balaam gbɔ la woe nye, Moabtɔwo kple Midiantɔwo ƒe ametsitsiwo. Wotsɔ ga ɖe asi yi na Balaam, eye woɖe nu si Balak di be wòawɔ na ye la me nɛ nyuie.


Le zã me la, Mawu va Balaam gbɔ, eye wòbiae be, “Ame kawoe nye ame siawo?”


Balaam ɖo eŋu be, “Ɖe mate ŋu agblɔ nya aɖe ne Yehowa megblɔe nam be magblɔ oa?”


Balaam gblɔ na Balak be, “Nɔ afi sia le wò numevɔsa gbɔ esime meɖe kpɔ. Ɖewohĩ Yehowa ava do gom. Nu sia nu si wòaɖe afiam la, magblɔe na wò.” Ale wòyi togbɛ ƒeƒle aɖe dzi.


be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa