Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 22:11 - Agbenya La

11 Fia la gblɔ be, ameha gã aɖe tso Egipte va ɖo yeƒe anyigba ƒe liƒo dzi, eye wòdi be mayi enumake aɖaƒo fi ade wo na ye, ale be yeate ŋu awɔ aʋa kpli wo, aɖu wo dzi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Kpɔ ɖa, dukɔa ɖe ʋu tso Egipte, eye wònyẽ tsyɔ anyigba ŋku me, eyata va naƒo fi aɖee nam. Ɖewohi mate ŋu awɔ aʋa kplii, eye manyãe ɖa.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 22:11
8 Mawu Ofanana  

Dukɔ geɖewo nazu kluviwo na wò. Àzu aƒetɔ ɖe nɔviwòwo dzi. Wò ƒometɔwo katã nade ta agu na wò. Woaƒo fi ade ame sia ame si aƒo fi de wò la, ke woayra ame sia ame si ayra wò la.”


Balaam ɖo eŋu na Mawu be, “Wotso Balak, Moab fia gbɔ.


Mawu gblɔ na Balaam be, “Mègayi ɖaƒo fi de wo o, elabena meyra wo xoxo!”


Fia Balak bia Balaam be, “Ao! Nu kae nye esi nèwɔm? Mebe nàƒo fi ade nye futɔwo nam, ke kpɔ ɖa, èyra wo boŋ!”


Nya siwo Balaam gblɔ la woe nye: “Fia Balak, Moabtɔwo ƒe fia, kplɔm tso Aramnyigba dzi, tso ɣedzeƒetowo dzi hegblɔ nam be. ‘Va, nàƒo fi ade Yakob nam! Eye va nàdo ɖiŋu na Israel nam. Wò dɔmedzoe nabi ɖe Israel ŋu.’


Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃.


ke nyemeɖo toe o, ke boŋ mena wòyra mi boŋ. Ale meɖe Israel tso eƒe asi me.


Goliat do ɣli bia David be, “Avue menye hafi nètsɔ kpo ɖe ŋunyea?” Eyɔ woƒe mawuwo ƒe ŋkɔwo tsɔ ƒo fi de David.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa