Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 21:3 - Agbenya La

3 Yehowa se woƒe kokoƒoƒo, eye wòna woɖu Kanaantɔwo dzi. Israelviwo gbã woƒe duwo gudugudu. Wona ŋkɔ teƒe ma tso ɣe ma ɣi be, “Horma” si gɔmee nye “Afi si wogbã duwo le gudugudu.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye Yehowa se Israel ƒe gbe, eye wotsɔ Kanaanitɔwo de asi, eye wotsrɔ̃ wo kple woƒe duwo gbidigbidi, eye wona ŋkɔ teƒe la be: Xorma.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 21:3
11 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, èse hiãtɔwo ƒe didi; ède dzi ƒo na wo, eye nèɖo to woƒe ɣlidodo.


Aɖo hiãtɔwo ƒe gbedodoɖa ŋu, eye mado vlo woƒe kokoƒoƒo o.


Melɔ̃ Yehowa, elabena ese nye gbe; ese nye avifafa be wonekpɔ nublanui nam.


Ayɔm, eye matɔ nɛ; manɔ anyi kplii le xaxa me, maɖee, eye made bubu eŋuti.


Tete Amalekitɔwo kple Kanaantɔwo, ame siwo le toawo dzi la ɖiɖi ɖe wo dzi, kpe aʋa kpli wo, eye wonya wo ɖo ɖe Horma.


Ke Amoritɔwo, ame siwo nɔ afi ma la kpe aʋa kpli wo, nya wo ɖe du nu abe anyiwo ene, eye wowu wo tso Seir va se ɖe keke Horma.


“Ke migana ame aɖeke natsi agbe le Ŋugbedodonyigba si Yehowa wò Mawu tsɔ na wò la dzi o. Na woatsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe.


Horma fia ɖeka, Arad fia ɖeka,


Eltolad, Kesil, Horma,


Emegbe la, Yuda ƒe viwo ƒe aʋakɔ kpe ɖe Simeon ƒe viwo ƒe aʋakɔ ŋu, wowɔ aʋa kple Kanaantɔwo le Zefat du la me eye wowu ameawo katã. Ale woyɔa Zefat du la azɔ be, “Horma” si gɔmee nye “Amewo tsrɔ̃ƒe.”


Horma, Bor Asan, Atak,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa