Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 20:6 - Agbenya La

6 Mose kple Aron wotrɔ le wo gbɔ yi Agbadɔ la ƒe mɔnu. Wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ke Mose kple Aron dzo le ha la gbɔ yi ɖe Mawu ƒe agbadɔ la nu, eye wotsyɔ mo anyi; tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia wo.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 20:6
15 Mawu Ofanana  

Esi David kpɔ mawudɔla la wònɔ tsitre ɖe dziƒo kple anyigba dome, ɖe eƒe yi le aku me eye wòdoe ɖe Yerusalem gbɔ la, eya kple Israel ƒe ametsitsiwo ta akpanya eye wodze anyi ɖe Yehowa ŋkume, le konyifafa me.


Esi Aron nɔ nu ƒom na Israelviwo ƒe ha bliboa la, wonye kɔ kpɔ gbegbe lɔƒo, eye le afi ma wokpɔ Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe wònɔ keklẽm le aliliwo me.


Mose ɖe kuku na Yehowa be, “Nu ka mawɔ? Wole klalo be yewoaƒu kpem.”


Yehowa ɖiɖi tso lilikpo la me, eye wòtɔ ɖe agbadɔ la ƒe mɔnu. Eɖe gbe na wo be, “Aron kple Miriam, mido va ŋgɔ,” eye wodo va ŋgɔ.


Ke ameha blibo la ƒo nu tso kpeƒuƒu wo ŋu. Tete Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe dze le agbadɔ la gbɔ na Israelviwo katã.


Tete Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi ɖe Israelvi siwo katã ƒo ƒu ɖe afi ma la ƒe ŋkume.


Esi Korah ƒo eyomedzelawo katã nu ƒu ɖe Agbadɔ la ƒe ŋkume be woatsi tsitre ɖe wo ŋuti la, Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ɖe eɖokui fia ameha blibo la.


Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume, eye woƒo koko nɛ gblɔ be, “O! Mawu, amegbetɔwo katã ƒe gbɔgbɔ ƒe Mawu, ɖe nàdo dɔmedzoe ɖe ameawo katã ŋuti esi wònye ame ɖeka koe wɔ nu vɔ̃a?”


Esi Mose se nya si gblɔm wole la, etsyɔ mo anyi.


Ale ameha gã aɖe ƒo ƒu; kasia woakpɔ agbadɔ la gbɔ ɖa la, wokpɔ lilikpo la kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe la.


“Mite ɖa le ame siawo gbɔ, ale be mate ŋu atsrɔ̃ wo enumake.” Ke Mose kple Aron wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.


Yehowa gblɔ na Mose be,


Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, dze klo, eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe agba sia ɖa le dzinye. Gake menye ale si medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”


Yosua kple Israel ƒe ametsitsiwo dze woƒe awuwo; wotsyɔ mo anyi ɖe Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ, eye wolɔ ke kɔ ɖe ta me abe konyifafa ƒe dzesi ene va se ɖe fiẽ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa