Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 20:5 - Agbenya La

5 Nu ka koŋkoŋkoŋ ta nèna míedzo le Egipte, eye nèkplɔ mí va teƒe sesẽ sia ɖo? Ègblɔ na mí be míayi anyigba nyui si dzi nuku wɔnukuwo abe gbotiwo, wain tsetsewo kple yevuboɖatiwo ene le. Anyigba si ƒe nya nègblɔ na mí ɖe? Tsi teti gɔ̃ hã meli ade mía nu míano le afi sia o!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Nukaŋuti miekplɔ mí tso Egipte va teƒe baɖa sia, afisi womate ŋu aƒa nu ɖo o, eye gbotiwo, weinkawo kple yevuboɖatiwo mele o, eye tsi hã mele, be woano o.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 20:5
8 Mawu Ofanana  

Èkpɔ wo dzi ƒe blaene le gbedzi, naneke mehiã wo le ɣeyiɣi ma me o. Woƒe awuwo mevuvu o, eye woƒe afɔwo hã mete o!


“Yi nàkui ɖe to me na Yerusalem be, “Ale Yehowa gblɔe nye si: “ ‘Meɖo ŋku wò ɖetugbime ƒe nuteƒewɔwɔ dzi, kple ale si nèlɔ̃mee esi nènye nye ŋugbetɔ. Èkplɔm ɖo to gbedadaƒo kple kuɖiɖinyigba dzi.


Womebia be, ‘Afi ka Yehowa, ame si kplɔ mí tso Egipte, to dzogbe, afi si nuku mewɔna le o, to gbedadaƒo kple aganuwo, to kuɖiɖinyigba dzi kple viviti me, anyigba si dzi ame aɖeke metona alo tso aƒe ɖo o la le?’ o.


Mahe to na mi abe ale si mehe to na mia fofowo le Egipte gbegbe la ene.’ Aƒetɔ Yehowae gblɔe.


Gawu la, mèkplɔ mí yi anyigba wɔnuku si ŋugbe nèdo na mí la hã dzi o, eye mèna agbledenyigba kple waingblewo mí o. Ame kawoe nèle agbagba dzem be yeabu abunɛtɔwoe? Míegbɔna o!”


“Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta.


elabena ètsi tsitre ɖe nye ɖoɖo ŋu le Zin gbedzi. Esime Israel dze aglã ɖe ŋunye la, mède bubu ŋunye le wo ŋkume to nye ɖoɖowo dzi wɔwɔ me, aɖe gbe, tsi nado to agakpe la me o.” (Yehowa nɔ nu ƒom tso nya si dzɔ le Meriba, Dzreteƒe, le Kades, le Zin gbedzi la ŋu.)


Mikpɔ nyuie be, miagaŋlɔ Mawu, ame si kplɔ mi to gbedzi dziŋɔ la dzi, afi si da aɖivɔ̃wo kple ahɔ̃wo bɔ ɖo, teƒe si xɔ dzo heƒu la be o. Ena tsi mi tso Agakpe la me!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa