Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 20:10 - Agbenya La

10 Mose kple Aron woyɔ ameawo, eye wona woƒo ƒu ɖe agakpe la gbɔ. Mose gblɔ na wo be, “Miɖo to, mi aglãdzelawo! Ɖe míaɖe tsi tso agakpe sia me na mia?”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Eye Mose kple Aron ƒo ha la nu ƒu ɖe agakpe la ŋgɔ, eye wògblɔ na wo bena: Misee, mi tosẽlawo! Ɖe míate ŋu ana tsi naɖo tso agakpe sia mena mia?

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 20:10
18 Mawu Ofanana  

Woɖo eŋu be, “Mí ame evea míeku drɔ̃e le zã si va yi la me, ke ame aɖeke mele afi sia aɖe drɔ̃eawo gɔme na mí o.” Yosef gblɔ na wo be, “Mawue ɖea drɔ̃e gɔme; ke milĩ drɔ̃eawo nam kpɔ.”


Yosef gblɔ na Farao be, “Nyemate ŋu aɖe drɔ̃e la gɔme le ɖokuinye si o, ke Mawu ya ate ŋu aɖe drɔ̃ea gɔme na wò!”


Ena tsi do tso agakpe me eye tsi la si bababa abe tɔsisiwo ene.


Mado go wò le agakpe la gbɔ le Horeb. Ƒo agakpe la kple wò atikplɔ si nètsɔ ƒo Nil tɔsisi lae. Tsi ado bababa, asu na ame sia ame.” Mose wɔ abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene le Israel ƒe ametsitsiawo ƒe ŋkume.


“Azã la su be Aron naku, elabena made anyigba, si metsɔ na Israelviwo la dzi o, le esi mi ame evea mietsi tsitre ɖe nye ɖoɖowo ŋu tso tsi si le Meriba ŋu la ta.


Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.


Nukudola kple ame si de tsi nukuawo la ƒe dɔ mele vevie abe Mawu, ame si na be nukuawo tsi la tɔ ene o.


Nenye be èdo dɔmedzoe la, mègawɔ nu vɔ̃ o. Mègana ɣe naɖo to ɖe wo dɔmedzoe dzi o.


Ɛ̃, mienɔ aglã dzem ɖe Yehowa ŋu tso gbe si gbe ke menya mi,


Elabena mía dometɔ ɖe sia ɖe daa vo le mɔ geɖewo nu. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame si de blibo, ale wòtea ŋu dea ga eƒe ŋutilã blibo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa