1 Yehowa gade se bubuwo na Mose kple Aron be,
1 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose kple Aron bena:
Ale Israelviwo wɔ se siwo katã Yehowa de na Mose la dzi pɛpɛpɛ.
Emegbe la, Mawu ƒe Agbadɔ la kple Levi ƒe viwo ƒe asaɖa, si le asaɖa bubuawo titina la naho. Ale si woƒu asaɖa anyii la, nenema ŋu woaho ɖo; ame sia ame nanɔ eteƒe le eƒe aflaga gbɔ.
“Ele be agbadɔtuƒe, aflagati kple aflaga tɔxɛ nanɔ Israelviwo ƒe to ɖe sia ɖe si. Mawu ƒe Agbadɔ la nanɔ to vovovoawo ƒe agbadɔtuƒewo ƒe titina.”
Israel ƒe kplɔlawo, ƒometatɔ, ame siwo nye kplɔlawo kple dzikpɔlawo na ame siwo woxlẽ la wɔ nunanawo.