Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 19:2 - Agbenya La

2 “Esiae nye se si Yehowa de. Migblɔ na Israelviwo be woatsɔ nyinɔ dzĩ si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la vɛ na mi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ale Yehowa de se gblɔ enye si: Gblɔ na Israel-viwo be, wòalé nyinɔ dzẽ, si sɔ blibo, nu mewɔ afia ɖeke nɛ o, eye womede kɔkuti kɔ nɛ kpɔ o la, vɛ na wò.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 19:2
21 Mawu Ofanana  

Alẽ alo gbɔ̃ sia anye atsu si xɔ ƒe ɖeka, eye naneke megblẽ le eƒe akpa aɖeke ŋu o.


“Miva, mina míade ŋugble ɖekae,” Yehowa gblɔe. “Togbɔ be miaƒe nu vɔ̃wo biã abe nyagãdzĩ ene hã la, woafu abe ɖetifu ene. Ne wobiã abe ʋu ene hã la, woafu abe alẽfu ɣi ene.


“Ebla nye nu vɔ̃wo abe kɔkuti ene, etsɔ eƒe asiwo lɔ̃e wode nu wo nɔewo me. Woɖiɖi ɖe nye kɔʋume eye Aƒetɔ la ɖe nye ŋusẽ ɖa. Etsɔm de asi na ame siwo nu nyemate ŋu anɔ te ɖo o.


“ ‘Ne vɔsa la nye numevɔsa tso alẽhawo alo gbɔ̃hawo dome la, ele nɛ be wòana atsua si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o la.


“ ‘Ne nunana la anye numevɔsa tso lãhawo dome la, ele be wòana lãtsu si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o. Ele be wòanae le agbadɔ la ƒe mɔnu ale be wòadze Yehowa ŋu.


Woanyrɔ xevi evelia si le agbe la kple sedati, ka dzẽ kpakple kakle la ɖe xeviʋu la me le zea me.


Yehowa gblɔ na Mose kple Aron be,


Nunɔla Eleazar atsɔ sedati kple kakle ƒe alɔdze kple ka dzĩ ada ɖe dzo la me.


Nunɔla Eleazar gblɔ na aʋadelawo katã be, “Esia nye se si Yehowa de na Mose


Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi.


Mina du si te ɖe eŋu wu la ƒe ametsitsiwo natsɔ nyinɔe ɖeka si womede kɔkuti kɔ na kpɔ o la,


Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.


Wonye nuɖuɖu, nunono kple ŋutikɔklɔ ƒe kɔnu vovovowo ko ƒe nya, esiwo nye gotadzesiwo ƒe ɖoɖowo, esiwo nɔ anyi va se ɖe esime ɖoɖo yeyea va.


ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o.


“Elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womekpɔ alakpa aɖeke le eƒe nu me o.”


kple Yesu Kristo, ame si nye ɖaseɖila anukwaretɔ, ame gbãtɔ si fɔ tso ku me, eye wònye anyigbadzifiawo dzi ɖula la gbɔ na mi. Eya ame si lɔ̃ mí, eye wòɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eƒe ʋu me,


“Miwɔ tasiaɖam yeye eye miatsii ɖe nyinɔ eve siwo dzi vi le ŋkeke siawo me eye wometsi keke ɖe wo ŋu kpɔ haɖe o la ŋuti. Milé wo viwo de kpo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa