Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 18:6 - Agbenya La

6 Megale egblɔm be, nye ŋutɔe tia nɔviwò Levi ƒe viwo tso Israelviwo dome na Yehowa ƒe dɔ be woanye wò kpeɖeŋutɔwo le agbadɔmedɔwɔwɔ me.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Elabena nye ŋutɔe ɖe mia nɔvi Lewitɔwo, amesi wo wona Yehowa la, le Israel-viwo dome ma mi, bena woawɔ Mawu ƒe agbadɔ la ŋu dɔwo.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 18:6
14 Mawu Ofanana  

“Kpɔ ɖa, mana tsi naɖɔ ɖe anyigba la dzi, eye wòatsrɔ̃ nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la. Nu sia nu si le anyigba dzi la atsrɔ̃.


“Azɔ la, mebla nu kple wò kple wò dzidzimeviwo


Mana Egiptetɔwo ƒe dzi me nasẽ be woadze Israelviwo yome, eye makɔ nye ŋkɔ ŋuti to Farao kple eƒe aʋakɔwo kple tasiaɖamwo kple sɔdolawo dzi.


Metia Oholiab, Ahisamak ƒe vi tso Dan ƒe to la me be wòanye eƒe kpeɖeŋutɔ. “Gawu la, megatsɔ aɖaŋu tɔxɛwo na ame siwo katã mienya be wonye aɖaŋutɔwo ale be woate ŋu awɔ nu siwo mebe nàwɔ la katã:


Nye, nye koe ƒo nu. Ɛ̃, nyee yɔe. Makplɔe vɛ, eye wòakpɔ dzidzedze le eƒe dɔdeasi la me.


“Nye, nye koe faa akɔ na mi. Ame kae nènye be nèle vɔvɔ̃m na amegbetɔ siwo le abe gbe ko ene?


“Elabena esiae nye nya si Aƒetɔ Yehowa gblɔ, ‘Nye ŋutɔ madi nye alẽwo, eye makpɔ wo dzi.


“Eya ta nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔ na woe nye, ‘Kpɔ ɖa, nye ŋutɔ madrɔ̃ ʋɔnu le alẽ damiwo kple alẽ ɖikuwo dome.


“Metsɔ Levi ƒe viwo le Israelviwo dome ɖe Israel nyɔnu ɖe sia ɖe ƒe viŋutsu gbãtɔ teƒe. Levi ƒe viwo nye tɔnyewo.


Metsɔ wo ɖɔli viŋutsu tsitsitɔwo. Tso gbe si gbe mewu Egiptetɔwo ƒe viŋutsu ŋgɔgbetɔwo la, mexɔ Israel ƒe ŋgɔgbeviwo, amegbetɔwo tɔwo kple lãwo tɔwo siaa na ɖokuinye! Tɔnyewoe wonye; nyee nye Yehowa!”


“Tsɔ Levi ƒe viwo ɖɔli Israelviwo ƒe ŋgɔgbeviwo katã, eye nàtsɔ Levi ƒe viwo ƒe lãhawo aɖɔli Israelviwo tɔe. Levi ƒe viwo anye tɔnyewo; nyee nye Yehowa.


“Yɔ Levi ƒe viwo katã ƒo ƒu, eye nàtsɔ wo ana nunɔla Aron abe eƒe kpeɖeŋutɔwo ene.


elabena wotsɔ wo katã na Aron abe Israelviwo katã ƒe teƒenɔlawo ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa