Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 16:9 - Agbenya La

9 Mesɔ gbɔ na mi be Israel ƒe Mawu la ɖe mi ɖa tso Israel ƒe ameha la me, kplɔ mi te ɖe eɖokui ŋu be miawɔ dɔ le Yehowa ƒe Agbadɔ la me, eye miatsi tsitre ɖe ameha la ŋkume asubɔ wo oa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Mesɔ gbɔ na mi haɖe be, Israel ƒe Mawu la tia mi tso Israel ƒe ha la me, be miate ɖe eŋu, eye miawɔ dɔ le Yehowa ƒe nɔƒe la ŋu, mianɔ ha la nu, eve miasubɔ wo oa?

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 16:9
20 Mawu Ofanana  

Ke Lea ɖo eŋu nɛ kple dɔmedzoe be, “Èxɔ srɔ̃nye le asinye sesẽtɔe! Ɖe esia mesɔ gbɔ na wò oa? Azɔ ɖe nèdi be yeagaxɔ vinye ƒe agbitsa hã?” Rahel gblɔ nublanuitɔe be, “Ne àna agbitsa la ƒe ɖem la, mana mɔ srɔ̃nye wòadɔ gbɔwò ɖe agbitsa la nu.”


Abe esia ɖe mesɔ gbɔ le wò ŋkume o ene la, Oo Aƒetɔ Yehowa, ègaƒo nu tso nu si wò dɔla ƒe aƒe ava nye le etsɔ me la ŋuti. Oo Aƒetɔ Yehowa, alea koe nènɔna kple amewoa?


Eɖo na Levitɔ siwo ŋu wokɔ eye wonye mawunyafialawo le Israel be, “Esi nubablaɖaka la le Solomo ƒe agbadɔ me azɔ ta la, megahiã be mianɔ ekɔm ɖe abɔta tso teƒe ɖeka yi teƒe bubu o eya ta miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ hena mawusɔbɔsubɔdɔwo wɔwɔ na Yehowa kple eƒe amewo.


Gbe ma gbe la, woɖo ŋutsu aɖewo be woakpɔ nudzraɖoƒewo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo, nu ewoliawo nana kple nuŋeŋe gbãtɔwo nana dzi, eye woaxɔ nu siawo tso agblewo me abe ale si Mose ƒe Sewo ɖoe da ɖi ene. Wotsɔ nunana siawo na nunɔlawo kple Levitɔwo, elabena Yuda ƒe viwo kpɔ ŋudzedze le nunɔlawo kple Leviviwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu.


Tete Yesaya gblɔ be “Azɔ la, David ƒe aƒe, see. Ɖe mesɔ gbɔ be miado amegbetɔ ƒe dzigbɔɖi akpɔ oa? Ɖe miado nye Mawu hã ƒe dzigbɔɖi akpɔa?


Ɖe mesɔ gbɔ na mi be miaɖu gbe le lãnyiƒe damawo oa? Ɖe wòle be miatu afɔ miaƒe lãnyiƒe si susɔ la dzia? Mesɔ gbɔ na mi be miano tsi nyui oa? Ɖe wòle be miatsɔ miaƒe afɔ ablu ba ɖe tsi si susɔ la mea?


Woawo koe age ɖe nye Kɔkɔeƒe la. Woawo koe ate ɖe nye kplɔ̃ la ŋu be woasubɔ le nye ŋkume, eye woawɔ nye dɔdeasi.’


Levi ƒe viwo ƒe agbadɔwo aƒo xlã Mawu ƒe Agbadɔ la, eye woanɔ eŋu dzɔm, ale be ame aɖeke mate ɖe eŋu, ana be nye dɔmedzoe nafla, eye matsrɔ̃ Israel dukɔ la o.”


Ɖeko wogblɔ be, “Ɖe nèbui be nu sue aɖe ko wònye nèwɔ be nèkplɔ mí dzoe le Egipte, tso anyigba nyui ma dzi be yeawu mí le gbegbe afi sia? Ke azɔ la, ɖe nègadi gɔ̃ hã be yeaɖu fia ɖe mía dzia?


Mose gblɔ na Korah be, “Azɔ, mi Levi ƒe viwo, miɖo to.


“Yɔ Levi ƒe viwo katã ƒo ƒu, eye nàtsɔ wo ana nunɔla Aron abe eƒe kpeɖeŋutɔwo ene.


elabena wotsɔ wo katã na Aron abe Israelviwo katã ƒe teƒenɔlawo ene.


Gbe ɖeka la, esi ame siawo nɔ Aƒetɔ la subɔm, nɔ nu tsim nɔ dɔdɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ na wo be, “Mitia Barnabas kple Saulo be woaɖawɔ dɔ tɔxɛ si ta meyɔ wo ɖo la nam.”


Ke ame aɖe abia be, ɖe nye Paulo hã mewɔ dɔ abe dɔla nyui enea? Esia menye nya si ɖea fu na nye susu o. Nyemetsɔ ɖeke le nu si miawo alo ame bubu aɖewo buna le nye dɔwɔwɔ ŋu la me o. Azɔ hã nyemeka ɖe nye ŋutɔ nye nyametsotso hã dzi le nya sia me o.


Afi mae Yehowa ɖe Levi ƒe viwo ɖe aga le be woakɔ nubablaɖaka si me Yehowa ƒe Se Ewoawo le, eye woanɔ tsitre ɖe Yehowa ŋkume awɔ Yehowa ƒe dɔ, ade bubu eƒe ŋkɔ ŋu abe ale si wowɔna egbe ene.


Ke David ɖo eŋu be, “Aleke ame dahe abe nye ene, ame si tso ƒome gblɔe aɖe ko me la ate ŋu akpɔ srɔ̃ɖenuwo ana ɖe fiavinyɔnu ta?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa