Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 13:8 - Agbenya La

8 Hosea, Nun ƒe viŋutsu, tso Efraim ƒe to la me;

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Hosea, Nun vi, tso Efrayim-to la me;

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 13:8
18 Mawu Ofanana  

ame si dzi Nun, ame si dzi Yosua.


Ale Mose kple eƒe kpeɖeŋutɔ, Yosua lia Mawu ƒe to la.


Esi Yosua se ɣli si ameawo katã nɔ dodom le toa te la, egblɔ na Mose be, “Ewɔ abe ɖe wole dzadzram ɖo na aʋawɔwɔ ene!”


Yosua, Nun ƒe viŋutsu, ame si Mose ŋutɔ tia be wòanye yeƒe kpeɖeŋutɔ la gblɔ be, “Amegã, na woadzudzɔ!”


Ame siawoe Mose dɔ be woaɖatsa anyigba la me. Ɣeyiɣi sia mee (Mose trɔ Hosea ƒe ŋkɔ wòzu Yosua) si gɔmee nye “Yehowa nye Ɖeɖe.”


Igal, Yosef ƒe viŋutsu, tso Isaka ƒe to la me;


Palti, Rafu ƒe viŋutsu, tso Benyamin ƒe to la me;


Tete Yehowa gblɔ na Mose be, “Ɣeyiɣi si wòle na wò be nàku la ɖo. Yɔ Yosua, miava Agbadɔ la me, eye magblɔ eƒe dɔdeasiwo nɛ.” Ale Mose kple Yosua wova tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume.


Ede dzi ƒo na Yosua, Nun ƒe viŋutsu la be, “Sẽ ŋu eye nalé dzi ɖe ƒo elabena wòe akplɔ Israelviwo ayi anyigba si ŋugbe medo na wo la dzi, eye nye ŋutɔ manɔ kpli wò.”


Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo.


Nunya ƒe gbɔgbɔ yɔ Yosua, Nun ƒe viŋutsu me, elabena Mose da eƒe asiwo ɖe edzi, eya ta Israelviwo ɖo toe, eye wowɔ ɖe se siwo katã Yehowa de na wo to Mose dzi la dzi.


Ameawo lɔ̃ ɖe nya sia dzi, eye woka ɖe edzi na Yosua be, “Míawɔ nu sia nu si nàgblɔ na mí, eye míayi afi sia afi si nàɖo mí ɖo la.


elabena Yehowa gblɔ be Yosua ate ŋu atia du sia du si adze eŋu. Etia Timnat Sera le Efraim ƒe tonyigba dzi, gbugbɔe tu, eye wònɔ afi ma.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa