Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 11:2 - Agbenya La

2 Wodo ɣli na Mose be wòaxɔ na yewo. Esi Mose do gbe ɖa na Yehowa ɖe wo ta la, dzo la tsi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tete dukɔ la do ɣli na Mose, eye Mose ɖe kuku na Yehowa, enumake dzo la tsi.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 11:2
23 Mawu Ofanana  

Eya ta wògblɔ be, yele wo tsrɔ̃ ge. Ɖe Mose, eƒe ame tiatia la metsi tsitre ɖe gbagbãƒe la hexe mɔ na eƒe dziku helĩhelĩ la o la, anye ne etsrɔ̃ wo.


Le esia ta Mose dzo le Farao gbɔ, eye wòɖe kuku na Yehowa,


Egblɔ be, “Nenye nyateƒe be nève nunye la, ekema O Yehowa, meɖe kuku kplɔ mí yi Ŋugbedodonyigba la dzi. Eme kɔ ƒãa be míenye dukɔ dzeaglã kple kɔlialiatɔwo, gake meɖe kuku, tsɔ míaƒe vodadawo kple nu vɔ̃wo ke mí, eye nàgaxɔ mí abe wò ŋutɔ tɔwòwo ene.”


Ɖewohĩ Yehowa, wò Mawu la ase nya siwo aʋafia, si eƒe aƒetɔ Asiria fia dɔ la gblɔ. Ame si wòdɔ be woaɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu, eye wòaka mo nɛ ɖe nya siwo Yehowa, wò Mawu la se ta. Eya ta do gbe ɖa ɖe ame mamlɛ siwo tsi agbe la ta.”


Tete Yehowa gblɔ nam be, “Ne Mose kple Samuel tsi tsitre ɖe ŋkunye me gɔ̃ hã la, nye dzi matrɔ ɖe dukɔ sia ŋuti o. Eya ta, nya wo ɖa le ŋkunye me. Na woadzo!


Ke hã la, Fia Zedekia dɔ Yehukal, Selemia ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya vi ɖo ɖe Nyagblɔɖila Yeremia gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, do gbe ɖa na Yehowa míaƒe Mawu la ɖe mía ta.”


gblɔ na Nyagblɔɖila Yeremia be, “Míeɖe kuku na wò, se míaƒe kokoƒoƒo eye nàdo gbe ɖa na Yehowa, wò Mawu la ɖe ameha mamlɛawo ta elabena abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene la, togbɔ be miesɔ gbɔ tsã hã la, azɔ la, ame ʋɛ aɖewo koe susɔ.


Aron gblɔ na Mose be, “Nye aƒetɔ, meɖe kuku, mègana nu vɔ̃ si míewɔ tamemabumabutɔe la ƒe metsonu nava mía dzi o.


Mose ƒo koko na Yehowa kple ɣli be, “Da gbe le eŋu, O! Mawu, meɖe kuku na wò!”


Ameawo va Mose gbɔ hedo ɣli be, “Míewɔ nu vɔ̃, elabena míeƒo nu tsi tsitre ɖe wò kple Yehowa ŋu. Ɖe kuku na Yehowa na mí be wòaɖe dawo ɖa.” Ale Mose do gbe ɖa ɖe ameawo ta.


Simɔn ɖo eŋu be, “Do gbe ɖa na Aƒetɔ la ɖe tanye be nu siwo miegblɔ la dometɔ aɖeke madzɔ ɖe dzinye o.”


Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.


Eya ta miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me na mia nɔewo, eye miado gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta be miaƒe lãme nasẽ. Ame dzɔdzɔe ƒe gbedodoɖa nu sẽna, eye wòwɔa dɔ.


Ne ame aɖe kpɔ be ye nɔvi wɔ nu vɔ̃ si ƒe fetu menye ku o la, nedo gbe ɖa, ale be Mawu naxɔe ɖe agbe. Mele esia gblɔm ku ɖe ame siwo ƒe nu vɔ̃ mehea ku vanɛ o la ŋuti. Nu vɔ̃ aɖe li si hea ame yia ku me, menye nu vɔ̃ sia tɔgbe ƒe nya gblɔm mele o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa