Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 10:2 - Agbenya La

2 “Tsɔ klosalo wɔ kpẽ eve hena ameawo yɔyɔ be woaƒo ƒu kple gbeƒãɖeɖe be woaho.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Tso klosalo wo kpẽ eve, woawo natsɔ ayɔ ameha lae, eye woawo natsɔ ana asaɖawo nahoe.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 10:2
14 Mawu Ofanana  

Womewɔ ga si wotsɔ va gbedoxɔ la me la ŋu dɔ na klosalogbawo, akaɖimeɖovulãnuwo, ʋutrewo, kpẽwo alo nu bubu ɖe sia ɖe si wowɔ kple sika alo klosalo la ƒeƒle na Yehowa ƒe gbedoxɔ o.


Levitɔ siwo nye haƒolawo, Asaf, Heman, Yedutun kple wo viŋutsuwo kple woƒe ƒometɔwo nɔ vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe, wodo aklalawu eye wonɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo ƒom. Nunɔla alafa ɖeka blaeve (120) kpe ɖe wo ŋu eye wonɔ kpẽwo kum.


Miku lãdzokpẽwo le Dzinu Yeye dzi kple ne dzinu sɔ tegblẽe le míaƒe ŋkekenyuiɖugbe.


Woayra ame siwo srɔ̃ ale si woakafu wòe, eye wozɔna le wò mo ƒe kekeli me, O Yehowa.


Tsɔ sika wɔ kerubi eve, eye nàklã wo ɖe nutunu la ƒe didime ƒe nuwo.


“Tsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖiti lae. Na akaɖiti blibo la nanye nu ɖeka; ele be woatu akaɖiti la ƒe afɔwo, eƒe titinati diditɔ, akaɖiawo kple seƒoƒoawo nanye nu blibo ɖeka.


Midzudzɔ vɔsa gbɔlo siawo tsɔtsɔ vɛ! Miaƒe dzudzɔʋeʋĩwo dodo medoa dzidzɔ nam o. Nyemate ŋu atsɔ miaƒe takpekpe vɔ̃ɖi siwo nye dzinu yeyewo, Dzudzɔgbewo kple gbeƒãɖeɖe takpegbewo o.


“Miɖe gbeƒã le Yuda, eye mido kpo le Yerusalem gblɔ be, ‘Miku kpẽ le anyigba la katã dzi!’ Mido ɣli sesĩe be, ‘Miƒo ƒu! Mina míasi ayi ɖe du sesẽwo me!’


“Mitsɔ kpẽ la ɖo nu! Egbɔna abe hɔ̃ ene ɖe Yehowa ƒe aƒe la ŋu, elabena wotu nye nubabla la hetsitre ɖe nye seawo ŋu.


Miɖo nutsitsidɔ kɔkɔe eye miyɔ takpekpe tɔxɛ. Miyɔ ame tsitsiwo kple anyigbadzinɔlawo katã yi ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ me eye miafa avi le afi ma na Yehowa.


Miku kpẽ le Zion! Miku aʋadzedze ƒe kpẽ la be woasee le nye to kɔkɔe la dzi! Anyigbadzitɔwo katã nedzo nyanyanya kple vɔvɔ̃, elabena Yehowa ƒe ŋkeke la tu aƒe vɔ.


Yehowa gblɔ na Mose be,


Ke ne wodi be dukɔ la katã nakpe ta la, woaku kpẽ la kpuie ko.


Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka kple mawutsideta ɖekae li;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa