Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 1:51 - Agbenya La

51 eye ɣe sia ɣi si woaho Agbadɔ la ayi teƒe bubu la, Levi ƒe viwoe akakae, eye woawoe agakpee; ne ame bubu aɖe te va la, aku.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

51 Ne nɔƒe la le hoho ge la, Lewitɔwo nakakae, eye ne nɔƒe la ɖo droƒe la, ekema Lewitɔwo natui; gake ne tame tutɔa ɖe te va la, woawui.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 1:51
15 Mawu Ofanana  

Yehowa do dɔmedzoe ɖe Uza ŋu heƒoe ƒu anyi wòku enumake ɖe mabumabu nu si wòwɔ la ta, ale wòku le Mawu ƒe nubablaɖaka la xa.


Lilikpo la ho le agbadɔ la tame le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke blaevelia gbe.


be wòanye ŋkuɖodzinu na Israelviwo be ame sia ame si menye Aron ƒe dzidzimevi o la mekpɔ mɔ ava Yehowa ŋkume, eye wòado dzudzɔ o; ne menye nenema o la, nu si wɔ Korah kple eyomedzelawo la awɔ eya hã. Ale wowɔ ɖe ɖoɖo siwo Yehowa na Mose la dzi.


Ame sia ame si ate ɖe Yehowa ƒe agbadɔ la ŋu la, aku. Ɖe mí katã míele kuku gea?”


Mawɔ atikplɔ siawo ŋu dɔ be made dzesi ame si metia, elabena amea ƒe atikplɔ azu ati gbagbe, eye wòadze! Ekema Israelviwo ƒe liʋĩliʋĩlilĩ ɖe mia ŋu nu atso!’ ”


Tso azɔ dzi heyina la, Israelvi siwo menye nunɔlawo kple Levi ƒe viwo o la mekpɔ mɔ age ɖe agbadɔ la me o. Ne woge ɖee la, woaɖi fɔ, eye woaku.


Woawɔ dɔ le wò kpɔkplɔ te, eye woawɔ dɔ siwo katã ku ɖe agbadɔ la ŋu, gake womate ɖe agbadɔ la me nuwo alo vɔsamlekpui la ŋu o, ne wowɔe la, woawo kple wò siaa miaku.


Woanɔ ŋuwò awɔ dɔ, siwo katã le Mawu ƒe agbadɔ la ŋu. Ame sia ame si menye Levi ƒe vi o la mekpɔ mɔ akpe ɖe ŋuwò le mɔ aɖeke nu o.


Ke wò kple viwò ŋutsuwo, nunɔlawo, miawoe awɔ dɔ kɔkɔeawo katã kple dɔ siwo le vɔsamlekpui la ŋu kple esiwo le xɔmetsovɔ la me, elabena nunɔlanyenye nye miaƒe dɔdeasi tɔxɛ. Ame bubu ɖe sia ɖe si ake atse awɔ dɔ siawo la aku.”


Ke Aron ƒe viŋutsuwo koe awɔ nunɔlawo ƒe dɔdeasiwo. Ame bubu ɖe sia ɖe si atɔ asi akɔ be yeawɔ nunɔlawo ƒe dɔ la, woawui.”


Wotia teƒe si le agbadɔ la ƒe ɣedzeƒe la da ɖi na Mose kple Aron kple Aron ƒe viŋutsuwo ƒe agbadɔwo. Ame siawo ƒe dɔdeasie nye be woakpɔ be agbadɔ la dzi kpɔlawo wɔ woƒe dɔdeasiwo pɛpɛpɛ ɖe Israelviwo nu. Ame sia ame si menye nunɔla alo Levi ƒe vi o, gake wòge ɖe agbadɔ la me la, aku.


Ke Yehowa wu Bet Semestɔ blaadre elabena wokpɔ nubablaɖaka la me. Dukɔ la fa konyi le ame geɖe siwo Yehowa wu la ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa