Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 1:4 - Agbenya La

4 Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, ame siwo anye kplɔlawo na toawo be woakpe ɖe ŋuwò.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Eye miɖe ŋutsu ɖekaɖeka le to sia to me, amesiwo nye ta le wo fofowo ƒe aƒe nu la, kpe ɖe mia ɖokui ŋu.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 1:4
19 Mawu Ofanana  

Azɔ la, Fia Solomo ƒo Israelviwo ƒe kplɔlawo, towo kple hlɔ̃wo ƒe tatɔwo katã nu ƒu ɖe Yerusalem be, woakpɔ ale si woatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso agbadɔ la me le Zion, David ƒe du la me, ayi gbedoxɔ la me la teƒe.


“Di ame zazɛ̃ aɖewo, ame siwo vɔ̃a Mawu, ame siwo gblɔa nyateƒe eye wotsri zãnuxɔxɔ. Tia wo, eye nàɖo wo ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo ɖe ame akpe nu, Ame aɖewo ɖe ame alafa nu, Ame aɖewo ɖe ame blaatɔ̃ nu eye Ame aɖewo ɖe ame ewo nu.


Etia ame zazɛ̃wo le Israelviwo katã dome. Ena wozu ʋɔnudrɔ̃lawo ɖe ameawo dzi. Ame aɖewo adrɔ̃ ʋɔnu na ame akpewo, bubuwo na alafawo, bubuwo na blaatɔ̃wo kple ewowo.


Ame siawoe wotia tso ameawo dome be woanye kplɔlawo na Israel to vovovoawo.


Esiawoe nye ame siwo Mose kple Aron kple Israel ƒe towo ƒe kplɔlawo tia xlẽ. Kplɔlawo le ame wuieve: to ɖeka, kplɔla ɖeka


Ele be Aron ƒe ŋkɔ nanɔ Levi ƒe viwo ƒe to la tɔ dzi.


Israelvi si wowu kple Midian ɖetugbi la ŋkɔe nye Zimri si nye Salu, ame si nye Simeon ƒe to la ƒe kplɔla aɖe la ƒe viŋutsu.


Yehowa de se sia na Mose be, “Wu Israel ƒe towo katã ƒe kplɔlawo. Trɔ wo ɖe ati nu le Yehowa ŋkume le ŋdɔkutsu dzati nu ale be nye dɔmedzoe ɖe ameawo ŋu nu natso.”


Mose gblɔ na Israelviwo ƒe towo ƒe tatɔwo be, “Se si Yehowa de lae nye esi.


Ale Mose kple Aron kple kplɔla bubuawo xlẽ Kohat ƒe viwo


Israel ƒe kplɔlawo, ƒometatɔ, ame siwo nye kplɔlawo kple dzikpɔlawo na ame siwo woxlẽ la wɔ nunanawo.


Metsɔ amegã siwo wotia tso to ɖe sia ɖe me eye wonye ŋutsu siwo nye bubumewo, eye tagbɔ li na wo la ɖo dzikpɔlawo ɖe mia nu, ɖe ame akpewo, alafawo, blaatɔ̃wo kple ewowo nu be woadrɔ̃ nyawo, eye woakpe ɖe wo ŋu le mɔ sia mɔ nu.


Ame dɔdɔawo nye Israel ƒe amegãwo; ame ɖeka tso to ewoawo dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe me, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe nye hlɔ̃ aɖe ƒe kplɔla.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa