Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 1:3 - Agbenya La

3 Miŋlɔ Israel ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la, eye woate ŋu awɔ aʋa la ƒe ŋkɔwo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Mia kple Aron mina Israeltɔ, siwo xɔ ƒe blave kple va, eye woate ŋu ade aʋa la, xlẽ hamehame.

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 1:3
16 Mawu Ofanana  

Yoab gblɔ na fia la be ŋutsu siwo tsi na aʋayiyi la le ame akpe alafa enyi (800,000) le Israel eye wole akpe alafa atɔ̃ (500,000) le Yuda.


Asrafo akpe blaene-vɔ-ene alafa adre blaade (44,760), ame siwo si aʋawɔnuwo nɔ, wohe wo nyuie eye wonye kalẽtɔwo la nɔ Ruben, Gad kple Manase ƒe to la ƒe afã ƒe aʋakɔ me.


Gawu la, Amazia yɔ Yuda katã ƒo ƒu eye wòde dɔ asi na wo le woƒe ƒomeawo nu be, woanye asrafo akpewo kple asrafo alafa ɖekawo (100) ƒe aʋafiawo na Yuda kple Benyamin katã. Emegbe la etia ɖekakpui siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema eye wokpɔ be woƒe xexlẽme de akpe alafa etɔ̃ (300,000), wole klalo na asrafodɔ wɔwɔ ame siwo ate ŋu awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ nyuie.


“ ‘Abolo Maʋamaʋã Ŋkekenyui’ sia ɖuɖu ƒe sia ƒe ana miaɖo ŋku ŋkeke sia dzi abe gbe si gbe meɖe mi tso Egiptenyigba dzi ene, eya ta ezu se mavɔ be miaɖu ŋkekenyui sia ƒe sia ƒe, tso dzidzime yi dzidzime.


Ame sia ame si wotia, eye wòxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la nadzɔ nu na Yehowa.


Ŋutsu siwo katã woxlẽ, woxɔ ƒe blaeve alo wu nenema la dometɔ ɖe sia ɖe dzɔ gram ade si woɖo na wo le kɔkɔeƒe la ƒe nudanu nu. Ŋutsu siawo ƒe xexlẽmee nye akpe alafa ade kple etɔ̃, alafa atɔ̃ blaatɔ̃ (603,550).


Mi katã miaku ɖe gbedzi le afi sia! Ame ɖeka pɛ si xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame si lĩ liʋĩliʋĩ le ŋutinye gɔ̃ hã la


“Mixlẽ Israelvi siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema ne miakpɔ ame siwo ate ŋu ayi aʋa tso to ɖe sia ɖe kple hlɔ̃ ɖe sia ɖe me.”


“Xlẽ Levi ƒe viwo le woƒe ƒomewo kple towo nu. Xlẽ ŋutsu ɖe sia ɖe si xɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema.”


‘Esi miedze yonyeme kple dzi blibo o ta la, ame siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, ame siwo tso Egipte la dometɔ ɖeka pɛ hã makpɔ anyigba si ŋugbe medo kple atam na Abraham, Isak kple Yakob o.


Esiawoe nye Israelviwo ƒe toƒewo tso esime Mose kple Aron wokplɔ wo dzoe le Egiptenyigba dzi.


Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ tso ƒe blaetɔ̃ va se ɖe blaatɔ̃, eye woate ŋu awɔ dɔ le Agbadɔ la me.


“Ne ŋutsu aɖe ɖe srɔ̃ eteƒe medidi o la, mègaɖoe ɖe aʋa loo alo nàde dɔ tɔxɛ aɖeke asi nɛ o. Na wòakpɔ vovo ƒe blibo ɖeka, anɔ aƒe me, eye wòakpɔ dzidzɔ kple srɔ̃a.”


Mede se na mi be, “Yehowa, miaƒe Mawu, tsɔ anyigba sia na mi, ne woanye mia tɔ. Mi kalẽtɔwo katã mibla akpa dze mia nɔvi Israelviwo ŋgɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa