Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




4 Mose 1:1 - Agbenya La

1 Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ƒe evelia ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ si nye Israelviwo ƒe ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Mawu nɔ agbadɔ la me le Israelviwo ƒe asaɖa me le Sinai gbedzi. Yehowa gblɔ nya siawo na Mose be,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Esi woʋu tso Egipte-nyigba dzi ƒe eve megbe la, Yehowa ƒo nu kple Mose le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le Mawu ƒe agbadɔ la me, le Sinai-gbedzi bena:

Onani mutuwo Koperani




4 Mose 1:1
15 Mawu Ofanana  

Le ƒe alafa ene blaenyilia me, le Israelviwo ƒe gododo le Egipte megbe, esi nye Solomo ƒe fiaɖuɖu le Israel ƒe ƒe enelia me le dzinu evelia, Zib me la, edze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme.


Le Israelviwo ƒe dzodzo le Egipte ƒe ɣleti etɔ̃ megbe la, wova ɖo Sinai gbedzi.


Esi woho tso Refidim la, wova ɖo Sinai gbegbe la, eye Israel ƒu asaɖa anyi ɖe afi ma le to la te.


Mado go wò le afi ma, aƒo nu kpli wò le amenuvevezikpui la tame, le kerubi eve siwo le nubablaɖaka tame la dome, eye matsɔ nubablakpe siwo dzi meŋlɔ nye sededewo na Israelviwo ɖo la na wò.


Le ƒe evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, wotu agbadɔ la.


“Tu agbadɔ la le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi.


Azɔ la, Yehowa ƒo nu na Mose tso Mawu ƒe agbadɔ la me hegblɔ be,


Esiawoe nye se siwo Yehowa de na Mose le Sinai to la dzi na Israelviwo.


yɔ dukɔ blibo la ƒo ƒu le dzinu evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, eye woŋlɔ ameawo katã ƒe ŋkɔ ɖe woƒe towo kple ƒomewo nu. Woŋlɔ ŋutsu siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema la ƒe ŋkɔwo, eye woxlẽ wo


Enumake Yehowa gblɔ na Mose, Aron kple Miriam be, “Miva agbadɔ la me, mi ame etɔ̃ la katã.” Ale wo ame etɔ̃awo katã wodo go.


Yehowa de se siawo na Mose esime Mose kple Israelvi mamlɛawo nɔ Sinai gbedzi le ɣleti gbãtɔ me, le ƒe evelia me, esi wodo go tso Egipte. Yehowa gblɔ nɛ be,


Le ɣleti wuiɖekɛlia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe le Israelviwo ƒe mɔzɔzɔ ƒe blaenelia me la, Mose ƒo nu na Israelviwo tso se siwo katã Yehowa miaƒe Mawu de nɛ la ŋu.


“Ale míezɔ mɔ ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi hafi te ŋu to Zered mlɔeba, heɖo Kades, elabena Yehowa ka atam be míaɖo Kades o, va se ɖe esime ame siwo katã tsi ate ŋu ayi aʋa le ƒe blaetɔ̃-vɔ-enyi si va yi me la katã ku hafi.


Yehowa, míaƒe Mawu la kpɔ mía ta, eye wòyra míaƒe afɔɖeɖe ɖe sia ɖe le míaƒe mɔzɔzɔ me le ƒe blaene siawo katã me, esime míetsa tsaglalã le gbegbe gã la. Naneke mehiã mí le ɣeyiɣi ma katã me o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa