Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 9:7 - Agbenya La

7 Mose gblɔ na Aron be wòate ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye wòasa nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ, alé avu gbã ɖe eɖokui ta, eye emegbe la, ɖe ame bubuawo ta abe ale si Yehowa ɖo ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Emegbe Mose gblɔ na Aron bena: Te ɖe vɔsamlekpui la ŋu, eye nasa wò nuvɔ̃vɔ kple wò numevɔ, bena nalé avu na ɖokuiwò kple dukɔ la; eyome nasa vɔ ɖe dukɔ la ta, be nalé avu na wo, abe alesi Yehowa de se ene.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 9:7
12 Mawu Ofanana  

“Ne Aron tsɔ nyitsu la sa nu vɔ̃ vɔsa ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒometɔwo ta vɔ la,


Esia megbe la, ale tsi le teƒe kɔkɔe aɖe, agado awuawo, ayi aɖasa eya ŋutɔ ƒe numevɔ kple ameawo ƒe numevɔ, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple ameawo ta.


“Gbã la, ele be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ la asa nu vɔ̃ vɔsa na Yehowa ɖe eɖokui ta, eye wòalé avu ɖe eya ŋutɔ kple eƒe ƒomea ta.


“ ‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa.


Nu siwo katã wowɔ egbe la, Yehowae de se be woawɔ wo hena miaƒe ŋutikɔkɔ.


eye wògblɔ na Aron be wòalé nyitsu ɖeka tso nyiha la me hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple agbo ɖeka hena numevɔsa, eye wòasa vɔ le Yehowa ŋkume.


Wotiaa nunɔlagã ɖe sia ɖe tso amegbetɔwo dome, eye wodea dɔ asi nɛ be wòanɔ ŋgɔ na yewo le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me, eye wòatsɔ nunanawo kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo aɖo Mawu ŋkume.


Esia tae wòle be wòasa vɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ kple ame bubuwo ƒe nu vɔ̃wo ta.


Ke nunɔlagã ɖeka koe gena ɖe xɔ emetɔ me, eye wòwɔa esia zi ɖeka ko le ƒe ɖeka me. Ne eyina la, megbea ʋutsɔtsɔ ɖe asi o, ʋu si wòtsɔna sãa vɔe, ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ la ƒe nu vɔ̃ siwo wowɔ le manyamanya me la ta.


Eya ta meka atam be vɔsawo kple nunanawo mate ŋu ana woatsɔ Eli kple viawo ƒe nu vɔ̃wo ake akpɔ o.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa