Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 8:7 - Agbenya La

7 eye wòdo awutewui tɔxɛ la, alidziblanu la, dziwui kple kɔmewu la na Aron.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Edo awutewui ʋlaya la nɛ, eye wotso alidziblanu bia edzi; emegbe wòdo dziwui la nɛ, eve wòdo kɔmewu la ɖe dzi; eyome wòtsɔ akɔblanu, si le kɔmewua ŋu la, bia akɔ nɛ,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 8:7
12 Mawu Ofanana  

Tɔ awu kɔkɔewo na nɔviwò ŋutsu Aron be woade kɔkɔ kple bubu eŋu.


Awu siwo woatɔ la woe nye: akɔtaɖonu, dziwui ʋlaya si ŋu abɔ mele o, eye wòdidi tso abɔta va se ɖe klo te, dziwui, tablanu kple alidziblanu. Woatɔ awu kɔkɔewo na Aron kple via ŋutsuwo be woawɔ nunɔlawo ƒe dɔ nam.


“Aɖaŋuvɔlɔ̃la xɔŋkɔwo natsɔ sika, aɖabɛka blɔtɔ, dzĩtɔ kple hẽtɔ kple kadada nyuitɔ alɔ̃ kɔmewu lae.


Do Aron ƒe dziwui, kɔmewu ʋlaya, kɔmewu la ŋutɔ kple akɔtatsyɔnu la nɛ, tsɔ alidziblanu si wolɔ̃ aɖaŋutɔe la bla ali dzi nɛ,


Yehowa ƒe nu nyoa ŋunye ŋutɔ, eye nye luʋɔ le dzidzɔ kpɔm le nye Mawu me, elabena etsɔ ɖeɖe ƒe avɔwo ta nam, eye wòtsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya do nam, abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe ta, abe nunɔla ene kple abe ale si ŋugbetɔ ɖoa atsyɔ̃e kple lekewɔnuwo ene.


Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo, ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe, dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe, kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔ si bu mɔkpɔkpɔ teƒe. Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo, ati siwo Yehowa ŋutɔ do, be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae.


Ne nunɔlawo ge ɖe Kɔkɔeƒe la ko la, mele be woagayi xɔxɔnu egodotɔ o va se ɖe esime woagblẽ woƒe awu siwo wodo hewɔ subɔsubɔdɔ la ɖe megbe, elabena esiawo le kɔkɔe. Ele be woado awu bubuwo hafi ate ɖe teƒe siwo amewo nɔna la ŋu.”


Ke boŋ mibia Aƒetɔ Yesu Kristo be wòakpe ɖe mia ŋu, be mianɔ agbe abe ale si dze ene. Migakpɔ dzidzɔ le nu vɔ̃ wɔwɔ ŋu o.


Dzɔdzɔenyenye sia si tso Mawu gbɔ la vana to Yesu Kristo dzixɔse me na ame siwo katã xɔe se la. Vovototo aɖeke mele eme o,


elabena mi ame siwo wode mawutsi ta na ɖe Kristo me la, miedo Kristo abe awu ene.


Ɖe nyemetia mia tɔgbi Levi tso Israel towo katã dome be wòanye nunɔla nam, be wòasa vɔ le nye vɔsamlekpui dzi, wòatsɔ nu ʋeʋĩ ado dzudzɔ nam eye wòado nunɔlawo ƒe awu ne ele subɔyem oa? Eye ɖe nyemetsɔa vɔsanuwo naa mi nunɔlawo oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa