Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 8:13 - Agbenya La

13 Le esia yome la, Mose do awu na Aron ƒe viŋutsuwo, bla alidziblanuawo na wo, eye wòɖɔ kuku la na wo abe ale si Yehowa gblɔ nɛ ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye Mose na Aron viŋutsuwo te va, wodo awutewui ʋlayawo, eye wòtsɔ alidziblanu bia wo dzi na wo, emegbe wòbia ta na wo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 8:13
15 Mawu Ofanana  

Wò nunɔlawo nedo dzɔdzɔenyenye ƒe awu, eye wò ame kɔkɔewo nedzi ha le dzidzɔkpɔkpɔ ta.”


Do awu kɔkɔewo na Aron eye nàsi ami nɛ, akɔ eŋu be wòasubɔm abe nunɔla ene.


Ale Mose de asi nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la wɔwɔ me.


Yehowa ƒe nu nyoa ŋunye ŋutɔ, eye nye luʋɔ le dzidzɔ kpɔm le nye Mawu me, elabena etsɔ ɖeɖe ƒe avɔwo ta nam, eye wòtsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe awu ʋlaya do nam, abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ ɖoa atsyɔ̃ na eƒe ta, abe nunɔla ene kple abe ale si ŋugbetɔ ɖoa atsyɔ̃e kple lekewɔnuwo ene.


Woayɔ mi be Yehowa ƒe nunɔlawo, eye woatsɔ ŋkɔ na mi be, miaƒe Mawu la ƒe hadɔwɔlawo. Miaɖu dukɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye miaƒo adegbe le woƒe nunɔamesi siwo zu mia tɔ la ta.


Ne nunɔlawo ge ɖe Kɔkɔeƒe la ko la, mele be woagayi xɔxɔnu egodotɔ o va se ɖe esime woagblẽ woƒe awu siwo wodo hewɔ subɔsubɔdɔ la ɖe megbe, elabena esiawo le kɔkɔe. Ele be woado awu bubuwo hafi ate ɖe teƒe siwo amewo nɔna la ŋu.”


Woyi ɖakɔ wo; wole woƒe awutewui ʋlayawo me abe ale si Mose gblɔ na wo la ene.


Le esia megbe la, etsɔ tsi klɔ agbo la ƒe dɔmenuwo kple afɔwo, eye wòtɔ dzo wo le vɔsamlekpui la dzi. Ale agbo blibo la fia le Yehowa ŋkume. Esia nye numevɔsa si dze Yehowa ŋu ŋutɔ, elabena Mose zɔ ɖe nu siwo katã Yehowa ɖo nɛ be wòawɔ la dzi pɛpɛpɛ.


Ke miawo hã, abe kpe gbagbewo ene la, wotsɔ mi le gbɔgbɔmegbedoxɔ tum. Gawu la, mienye eƒe nunɔla kɔkɔewo, ame siwo asa gbɔgbɔmevɔ siwo dze Mawu ŋu la to Yesu Kristo ƒe avuléle dzi.


Ke miawo la, mienye ame tiatiawo, fia la ƒe nunɔlawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nukukekeli me la ƒe kafukafu.


eya ame si wɔ mí be míanye fiaɖuƒe kple nunɔla siwo asubɔ eƒe Mawu kple Fofoa, eya tɔ nanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Èwɔ wo be woanye fiaɖuƒewo kple nunɔlawo ne woasubɔ míaƒe Mawu la, eye woaɖu fia le anyigba dzi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa