Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 8:11 - Agbenya La

11 Esi wòɖo vɔsamlekpui la gbɔ la, ewu ami sisi la ɖe eŋu zi adre, eye wògawui ɖe nu siwo le vɔsamlekpui la dzi kple tsileze la kple eƒe zɔ ŋu hekɔ wo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ewu ami la ɖe vɔsamlekpuia ŋu zi adre, eye wòsi ami na vɔsamlekpui la kple eŋu nuawo katã, tsileze la kple eƒe zɔ, be wòawɔ wo kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 8:11
13 Mawu Ofanana  

eye esi xexeme kɔ ŋdi la, nu ɣi nogonogoewo nɔ anyigba abe kpetsi ene.


Mose gblɔ na wo be, “Migana ŋu nake ɖe wo dzi o.”


Ele be nàtsɔ nyitsu ɖeka awɔ nuvɔ̃ŋutivɔsa gbe sia gbe. Emegbe la, nàkɔ vɔsa la ŋu to nu vɔ̃ ɖeɖe ɖa le eŋu me. Kɔ ami ɖe edzi be eŋu nakɔ.


Me avulénuwo le vɔsamlekpui la dzi gbe sia gbe ŋkeke adre be nàkɔ vɔsamlekpui la ŋu na Mawu. Le esia megbe la, vɔsamlekpui la azu kɔkɔe, nu sia nu si aka eŋu la hã azu kɔkɔe, eye ame siwo le kɔkɔe la koe aka asi eŋu.”


Kɔ wo ŋu woazu kɔkɔe; nu sia nu si aka wo ŋu la azu kɔkɔe na Mawu.


gake tsɔ wò atikplɔ la ɖe asi ale be nàte ŋu awɔ nukunu siwo mefia wò la kplii.”


Azɔ Yehowa gblɔ be, “Tsɔ wò asi de wò axatome.” Eye Mose tsɔ eƒe asi de axatome. Esi wòɖe asi ɖa la, eƒe asi dze kpodɔ hefu kpĩi.


nenema kee wòahlẽ nu ɖe dukɔ geɖewo dzi, eye fiawo amia nu le eya amea ta, elabena woakpɔ nu si womegblɔ na wo o, eye woase nu si womese kpɔ o la gɔme.


Mahlẽ tsi kɔkɔe ɖe mia ŋu, eye mia ŋuti akɔ. Makɔ mia ŋuti tso miaƒe makɔmakɔnyenye katã me, eye maɖe miaƒe legbawo katã ɖa le mia dome.


Nunɔla la atsɔ eƒe nuɖusi ƒe asibidɛ ɖeka ade ami la me, eye wòahlẽe kple eƒe asibidɛ zi adre le Yehowa ŋkume.


ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽe zi adre ɖe xɔmetsovɔ la ŋgɔ le Yehowa ŋkume.


ade eƒe asibidɛ ʋu la me, eye wòahlẽ ʋu la zi adre le Yehowa ŋkume ɖe xɔmetsovɔ si ma Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe la me la ŋkume.


Ekɔ eƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dzi, eye wòna wòsɔ gbɔ le mía me. Ewɔ esiawo katã le nu si Yesu Kristo, mía Ɖela wɔ la ta,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa