Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 7:30 - Agbenya La

30 Ele be wòatsɔ vɔsalã la ƒe ami kple eƒe akɔ vɛ, eye woanye wo le yame le vɔsamlekpui la gbɔ si fia be wotsɔ wo na Yehowa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

30 Eya ŋutɔ natsɔ Yehowa ƒe dzovɔsa la vɛ; lã la ƒe ami kple eƒe akɔ wòatsɔ ve, eye woanye akɔ la le Yehowa ƒe ŋku me.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 7:30
16 Mawu Ofanana  

Wò aʋakɔwo alɔ̃ faa ade megbe na wò le wò aʋakpegbe. Ànɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe, si do go tso fɔŋli ƒe dɔ me ke la me, axɔ wò ɖekakpuimezãmu.


Ke miate ŋu aɖu lã la ƒe akɔ kple ata si wonye le yame le Yehowa ŋkume abe nu si wotsɔ nɛ ƒe dzesi ene la, le teƒe kɔkɔe ɖe sia ɖe. Wò kple viwò ŋutsuwo kple viwò nyɔnuwo ƒe nuɖuɖue. Eyae nye mia tɔ le Israelviwo ƒe akpedavɔsawo me.


“Ele be ameawo natsɔ ata si woɖe ɖe aga kple akɔ si wona esi wotɔ dzo amiawo la vɛ. Woatsɔ wo ana Yehowa to wo nyenye le yame me. Ekema woazu wò kple viwòwo tɔ, elabena esiae nye Yehowa ƒe ɖoɖo.”


eye wòatɔ dzo ami si le dɔ me nɛ


Eye woatɔ dzo eƒe ami, eƒe asike, woalã asike la ɖa tso lã la ƒe dzimeƒu ŋu, ami si le eƒe dɔmenuwo ŋu,


Mose tsɔ nu siawo katã de asi na Aron kple via ŋutsuwo, eye wonye wo le yame abe vɔsa tɔxɛ na Yehowa ene.


Azɔ la, Mose tsɔ agbo la ƒe akɔ, eye wòtsɔe na Yehowa to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Ameŋukɔkɔ ƒe agbo la ƒe akpa siae nye Mose tɔ abe ale si Yehowa ɖoe ene.


Aron tsɔ amiawo da ɖe vɔsalãwo ƒe akɔwo dzi, eye wòtɔ dzo amiawo le vɔsamlekpui la dzi.


Ke Aron nye lãawo ƒe akɔwo kple ɖusitawo le yame le Yehowa ŋkume abe wo tsɔtsɔ na Mawu ƒe dzesi ene, abe ale si Mose ɖo nɛ ene.


Nunɔla la anye wo katã le yame, tso afii yi afi mɛ le Yehowa ŋkume abe vɔsa ene. Wonye nunana kɔkɔe na nunɔla la kpe ɖe eƒe axa kple abɔ siwo wònye le yame le Yehowa ŋkume la ŋuti. Le esia megbe la, adzɔgbeɖela la ate ŋu ano wain azɔ, elabena evo tso eƒe adzɔgbeɖeɖe me.


ato tsɔtsɔna ƒe dzesiwo me, atsɔ wo ana Yehowa abe nunana tso Israel dukɔ blibo la gbɔ ene. Levi ƒe viwo anɔ Israelviwo katã teƒe le Yehowa subɔsubɔ me.


Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.”


Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.


Ele be woatsɔ nyitsu kple alẽ ɖe sia ɖe si woatsɔ vɛ na vɔsasa la ƒe abɔ, glã kple dɔgbo na nunɔlawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa