Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 7:26 - Agbenya La

26 Eye afi sia afi si miele la, mele be miaɖu xevi alo lã aɖeke ƒe ʋu o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Miekpɔ mɔ aɖu xe alo lãfɔneewo ƒe mũ le mia nɔƒewo katã o.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 7:26
17 Mawu Ofanana  

“Ke mele be miaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o.


“Na wò nyiwo kple alẽwo ƒe ŋgɔgbeviwo nanɔ wo dadawo gbɔ ŋkeke adre, eye nàtsɔ wo nam le ŋkeke enyilia gbe.


Eya ta gblɔ na wo be, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. ‘Esi mieɖua lã si me ʋu gale, miekpɔa miaƒe legbawo dzi ɖa, eye miekɔa ʋu ɖi la, ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?


“ ‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. “ ‘Migaka afa alo miawɔ adze o.


Esia nye se na mi tegbetegbe le miaƒe anyigba blibo la dzi be miekpɔ mɔ aɖu ami alo ʋu o.’ ”


Woaɖe ame sia ame si aɖu lã si wome na Yehowa abe vɔsa ene ƒe ami la le Mawu ƒe ha me.


Ne ame aɖe ɖu ʋu la, woaɖee ɖa le eƒe amewo dome.’ ”


Yesu gblɔ na wo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, ne ame aɖe meɖu Amegbetɔ Vi la ƒe ŋutilã, eye wòno eƒe ʋu o la, agbe manɔ eme o.


Ke ɖeko míaŋlɔ na wo be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu, eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ.


be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe.


Eƒe dɔmenyo la gbã go ɖe mía dzi ale gbegbe be wòɖe míaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa to Via ƒe ʋu la me, ame si dzi wòto ɖe mí,


Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene.


gake migaɖu lã si me ʋu le la o, elabena lã ƒe agbe le eƒe ʋu me, eye mele be miaɖu agbe la kple lã la o.


gake migaɖu lã la ƒe ʋu ya o, ke boŋ mina wòaɖuɖu ɖe anyigba abe tsi ene.”


Elabena nu sia nu si Mawu wɔ la nyo, eye miate ŋu aɖui kple dzidzɔ nenye be mieda akpe ɖe eta,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa