Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 7:18 - Agbenya La

18 Ne woɖu akpedavɔsalã la ƒe ɖe le ŋkeke etɔ̃a gbe la, womaxɔe nɛ o, womabui na ame si sa vɔ la o, elabena eŋuti mekɔ o, eye ame si aɖui la aɖi fɔ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye ne amea ɖe aɖu eƒe akpedavɔsalã le ŋkeke etɔ̃agbe la, womagaxɔe nɛ o, eye womabui na amesi sa vɔ la o; lã makɔmakɔ wòanye, eye amesi aɖu eƒe ɖe la, fɔɖiɖi la anɔ edzi.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 7:18
31 Mawu Ofanana  

Yehowa léa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa, ke dzɔdzɔetɔwo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu.


ame siwo nɔa ameɖibɔwo me hedɔa ŋu le teƒe ɣaɣlɛwo, eye woɖua halã, woƒe detsizewo yɔna fũu kple lã makɔmakɔ ƒe detsiwo.


Ke ame si tsɔ nyitsu sa vɔe la, sɔ kple ame si wu ame, eye ame si tsɔ alẽvi sa vɔe la, sɔ kple ame si ŋe kɔ na avu. Ame si sa nuɖuvɔ la, sɔ kple ame si tsɔ ha ƒe ʋu sa vɔe, eye ame si do ŋkuɖodzi ƒe dzudzɔ ʋeʋĩ la, sɔ kple ame si subɔ legba. Wotia woawo ŋutɔ ƒe mɔwo, eye woƒe luʋɔ dzɔa dzi le woƒe ŋunyɔnuawo ŋu,


Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi: “Wolɔ̃a tsaglalãtsatsa vivivo; woƒe afɔwo menɔa teƒe ɖeka o, eya ta Yehowa mexɔ wo o. Azɔ la, àɖo ŋku woƒe nu tovowo wɔwɔ dzi, eye woahe to na wo le woƒe nu vɔ̃wo ta.”


Nenye be wotsi nu dɔ hã la, nyemaɖo to woƒe ɣlidodo o. Nenye be wotsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo vɛ hã la, nyemaxɔ wo o, ke boŋ matsrɔ̃ wo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃.”


Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ lae aku. Viŋutsu la maxɔ fofoa ƒe nu vɔ̃ ƒe akpa aɖeke o. Woatsɔ ame dzɔdzɔe ƒe dzɔdzɔenyenye ana eya ŋutɔ, eye woatsɔ ame vɔ̃ɖi ƒe nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ nɛ.


Wowua nye vɔsalãwo hena lã la ɖuɖu, gake woƒe nu menyoa Yehowa ŋu o. Azɔ aɖo ŋku woƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi, eye wòahe to na wo ɖe woƒe nu vɔ̃ ta, ale woagatrɔ ayi Egipte.


Ebia wo be, “Nu ka ta mieɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la, si nye nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe la le teƒe kɔkɔe la o, le esime wotsɔe na mi be miatsɔ aɖe ameawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo ɖa, eye mialé avu le woawo kple Yehowa dome?


Ke Aron xɔ nya ɖe wo nu le Mose gbɔ hegblɔ be, “Wosa woƒe nu vɔ̃ vɔsa kple numevɔ le Yehowa ŋkume; ke nenye ɖe meɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la egbe la, ɖe wòadze Yehowa ŋua?”


“ ‘Nu gbagbe ɖe sia ɖe si tana le anyigba dzi la nye nu si woatsri; womaɖui o.


Ke ne menya eƒe awuwo o, eye mele tsi hã o la, ekema eya ŋutɔ akpɔ eyomedzenu.’ ”


“ ‘Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, misae tututu ɖe sea nu ale be mate ŋu axɔe.


“ ‘Ne ŋutsu aɖe de asi nɔvia nyɔnu, eɖanye fofoa ƒe vinyɔnu alo dadaa ƒe vinyɔnu ŋu la, enye ŋukpenanu, eye ele be woatsrɔ̃ wo ame eve la ɖa tso Israelviwo dome. Fɔɖiɖi la anɔ ŋutsu la dzi.


“ ‘Ŋutsu aɖeke made asi fofoa nɔvinyɔnu alo dadaa nɔvinyɔnu ŋu o, elabena ƒometɔ tututu wonye na wo nɔewo. Woƒe fɔɖiɖi anɔ woawo ŋutɔ dzi.


Ne ame aɖe da le se sia dzi la, eɖi fɔ, eye wòde eɖokui dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me, elabena eɖu nunana kɔkɔe la, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa nunanawo ŋuti.’ ”


Ne nane de gbɔ edzi alo nane mede tututu o le nyitsu alo alẽ si wotsɔ vɛ ƒe ŋutilã ŋu la, woate ŋu anae abe lɔlɔ̃nununana ene, ke menye hena adzɔgbeɖefexexe o.


Amedzro siwo le mia dome kple Israelviwo siaa woawɔ se siawo dzi le vɔsanuwo nana me, elabena Mawu maxɔ lã si ŋu nane gblẽ le la na vɔsa sia o.’ ”


“Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye wòwɔ nu si wogbe be womawɔ o le Yehowa ƒe ɖoɖowo dometɔ aɖe me, ne eya ŋutɔ menyae o gɔ̃ hã la, eɖi fɔ eye woabui nu vɔ̃e nɛ.


“ ‘Womaɖu lã si ƒe akpa aɖe ka nu makɔmakɔ aɖe ŋu o, ke boŋ woatɔ dzoe, eye ame si ƒe ŋuti kɔ la koe aɖu lã si wòate ŋu aɖu.


Ne miewɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo nam hã la, nyemaxɔ wo o. Ne mietsɔ miaƒe lã damiwo sa vɔe nam hã la, nyemanye kɔ akpɔ wo o.


“O, nunɔla ɖeka pɛ hã mele mia dome si atu gbedoxɔ ƒe ʋɔtruwo, ale be miadzudzɔ vɔsanu madzemadze siawo tsɔtsɔ va vɔsamlekpui la dzi oa?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “eye miaƒe nu mele ŋunye nyom kura o, eye miaƒe nunana aɖeke hã medze ŋunye o.


Miegblɔ be, ‘Mawusubɔsubɔ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ sesẽ loo!’ Ale miegblɔ be, ‘yewomawɔ ɖe se siwo wòde na mi la dzi o,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Mibu eŋuti kpɔ! Mietsɔ lã xɔabiwo, lã lédɔwo kple lã siwo mede blibo o la sa vɔe nam!” Yehowa be, “Enyo be maxɔ nunana sia tɔgbiwoa?


Yehowa axɔ nu sia na mi abe miaƒe lu kple waintsetse gbãtɔwo ƒe nunana ene, abe ɖe wotso miawo ŋutɔ miaƒe agblewo me ene.


Yesu gblɔ na wo be, “Miewɔa mia ɖokuiwo abe ame kɔkɔe deblibowo ene le amewo ƒe ŋkume, gake Mawu nya miaƒe dzimesusu vɔ̃ɖiwo.” Miaƒe alakpanuwɔwɔ na be amewo tsɔa bubu na mi, gake enye ŋunyɔnu le Mawu ƒe ŋkume.


Exɔ aʋatsotso si nye eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu ƒe dzesi si wòxɔ la esime wometso aʋa nɛ o. Esia ta Abraham nye ame siwo katã xɔ se, gake wometso aʋa na wo o la fofo, be woabui na wo dzɔdzɔenyenyee.


nenema ke wotsɔ Kristo hã sa vɔe zi ɖeka be wòaɖe ame geɖewo ƒe nu vɔ̃ ɖa, eye agava zi evelia menye be wòagava ɖe nu vɔ̃ ɖa o ke boŋ be wòahe ɖeɖe vɛ na ame siwo katã le elalam.


Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa