Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 6:5 - Agbenya La

5 alo nu sia nu si ŋu wòka aʋatsotam ɖo la ŋu. Ele be wòaɖo nua teƒe wòade, wòatsɔ nua ƒe home atɔ̃lia ƒe ɖeka akpee, eye wòatsɔ wo katã na nutɔ le ŋkeke si wòtsɔ eƒe fɔɖivɔsa na la dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Dzo la nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi ɖaa, eye womatsii o; ŋdi sia ŋdi nunɔla nade nake dzo la me, eye wòatsɔ numevɔsalã aɖo edzi, eye woatɔ dzo akpedavɔsa ƒe amiwo le edzi.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 6:5
16 Mawu Ofanana  

Ele be wòatsɔ alẽ ene aɖo ɖeka si wòfi la teƒe le eƒe nublanuimakpɔmakpɔ ta.”


“Míelɔ̃ ɖe edzi hã be míatsɔ míaƒe agblemenuku ɖe sia ɖe ƒe gbãtɔ, eɖanye nu si ɖona le to me alo tsena ɖe kutsetsetiwo kple amitiwo dzi o, ayi Yehowa ƒe aƒe me.


“Ne ame aɖe fi nyi alo alẽ, eye wòwui alo dzrae la, ele be fiafitɔ la natsɔ nyi atɔ̃ aɖo nyi ɖeka si wòfi la teƒe, eye wòatsɔ alẽ ene aɖo alẽ ɖeka teƒe.


“Ne wolée wòle nyi, tedzi, alẽ alo nu bubu aɖe fim la, ele be wòaxe nu si fim wòle la ƒe home teƒe eve.


“Ne ame aɖe tsɔ ga alo adzɔnuwo na ame aɖe be wòadzra ɖo na ye eye wofi wo la, ne wolé fiafitɔ la la, ele be wòaxe nu si wòfi la ƒe home teƒe eve.


“Le go ɖe sia ɖe si me ne nyi, tedzi, alẽ, awu, avɔ alo nu bubu aɖe bu, eye nutɔ xɔe se be yekpɔe le ame bubu aɖe si eye amea sẽ nu la, ame eve siawo ado ɖe Mawu ŋkume be Mawu natso nya me. Ame si Mawu bu fɔe la axe nu bubu la ƒe fe teƒe eve na ame evelia.


“Ŋdi sia ŋdi la, Aron ado dzudzɔ kple atike ʋeʋĩ le vɔsamlekpui la dzi, ne ebɔbɔ akaɖigbɛawo ɖe eme.


“Ɖe menye esiae nye nutsitsidɔ si metia oa, be woaɖe nu madzɔmadzɔwo ƒe gakɔsɔkɔsɔwo ɖa, woatu kɔkuti ƒe kɔsasawo, ne woana ablɔɖe ame siwo wote ɖe to, eye woaŋe kɔkuti ɖe sia ɖe oa?


Ekema àyɔ Yehowa, eye wòatɔ na wò. Àdo ɣli be wòaxɔ na wò, eye wòagblɔ be, ‘Nyee nye esi.’ “Ne èɖe teteɖeanyi ƒe kɔkuti ɖa, asifiafia ame kple ameŋugblẽnyawo gbɔgblɔ,


ne egbugbɔ awɔbanu na nutɔ, ɖo nu si wòfi teƒe, eye wòwɔ nu si naa agbe, eye mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o la, anɔ agbe kokoko, maku o.


Kpe ɖe esia ŋu la, ele nɛ be wòaɖo nu si mete ŋu wɔ o la teƒe ku ɖe nu kɔkɔeawo ŋuti, agatsɔ nu si wòle be wòana la ƒe akpa atɔ̃lia akpe ɖe nuawo ŋu, eye wòatsɔ wo katã vɛ na nunɔla la, ame si atsɔ agbo la alé avui abe fɔɖivɔsa ene. Ale woatsɔe akee.


Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!”


Fifia, esi metsi tsitre ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina la ƒe ŋkume la, medi be mabia mi be ame ka ƒe nyitsu alo tedzi mefi kpɔ? Meba ame aɖe kpɔa? Mexɔ zãnu le ame aɖe si kpɔa? Mete ame aɖe ɖe anyi kpɔa? Migblɔe nam eye maɖo nu si mexɔ alo nu vɔ̃ si mewɔ la teƒe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa