Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 6:3 - Agbenya La

3 alo ne efɔ nu bubu aɖe, evɔ wòda alakpa le eŋuti alo wòka atam dzodzro alo wòwɔ nu vɔ̃ siawo dometɔ ɖeka si amewo awɔ,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Nunɔla nado eƒe awu ʋlaya viawo, eye wòado agbotɛ ɣiawo ɖe eƒe ama; emegbe wòala afi, siwo numevɔsa ƒe dzo nyẽ la le vɔsamlekpui la dzi akɔ ɖe vɔsamlekpui la xa.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 6:3
14 Mawu Ofanana  

“Ne èkpɔ wò futɔ aɖe ƒe nyi alo tedzi si tra mɔ la, ele be nàkplɔe ayi na nutɔ.


Tsɔ ɖeti ɣi lɔ̃ avɔ si woatsɔ atɔ atakpui na wo woado ɖe awuawo te. Atakpuiawo natso alime va se ɖe klonu.


Mègaɖu ɖasefo ɖe hawòvi ŋu dzodzro alo atsɔ wò nuyiwo aka aʋatsoe o.


Ne menye nenema o la, mava ɖi ƒo akpa, agbe nu le gbɔwò ahabia be, ‘Ame kae nye Yehowa?’ Alo mada ahe akpa, afi fi.


Togbɔ be wogblɔ be, ‘Meta Yehowa ƒe agbe’ hã la, wole nu tam alakpatɔe kokoko.”


“ ‘Ɖe miagafi fi, awu ame, awɔ ahasi, aka atam dzodzro, ado dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal eye miadze mawu bubu siwo mienya o la yome vɔ,


Ne woyi xɔxɔnu egodotɔ, afi si amewo le la, woaɖe awu siwo wodo hesubɔ la da ɖe xɔ kɔkɔeawo me, eye woado woawo ŋutɔ ƒe awuwo ale be womakɔ ameawo ŋu kple woƒe awuwo o.


Nunɔla la aɖe eƒe agbonu kple emenuwo, eye wòatsɔ wo aƒu gbe ɖe vɔsamlekpui la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo, afi si dzowɔ le la.


Ado kɔmewu kɔkɔe la, eye wòado aklalawutewuiawo ɖe ete. Emegbe la, atsɔ aklalalidziblanu la abla ɖe eɖokui ŋu, eye wòatsɔ aklalatablanu la abla tae. Nu siawo nye awu kɔkɔewo, eya ta ele nɛ be wòale tsi hafi ado wo.


“ ‘Migatsɔ nye ŋkɔ aka atam ɖe aʋatsonya aɖeke dzi, eye miato nu sia wɔwɔ me aƒo fi ade nye ŋkɔ o, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ be, ‘Madɔ fiƒode sia ɖa, eye age ɖe fiafitɔ la ƒe aƒe me kple ame si yɔa nye ŋkɔ tsɔ kaa atam dzodzro la ƒe aƒe me. Anɔ eƒe aƒe me, agbã aƒe nɛ, eye wòakaka atiawo kple kpeawo siaa.’ ”


“Le ɣe ma ɣi me la, nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe atsɔ ŋutɔ. Manye ɖasefo zazɛ̃ aɖe ɖe nukalawo, ahasiwɔlawo, atam dzodzro kalawo, ame siwo baa woƒe dɔwɔviwo, ame siwo tea ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo ɖe to, ame siwo baa amedzrowo kple ame siwo mevɔ̃am o la ŋu.” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa