Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 6:16 - Agbenya La

16 Wɔ si asusɔ le asiʋlo ɖeka ɖeɖe vɔ megbe la azu nuɖuɖu na Aron kple via ŋutsuwo. Womade amɔʋãtike eme o. Woaɖui le Agbadɔ la ƒe xɔxɔnu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsawo katã bliboe, eye womaɖui o.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 6:16
13 Mawu Ofanana  

Kore, Levitɔ, Imna ƒe viŋutsu, Ɣedzeƒegbo la nudzɔla nɔ lɔlɔ̃nununana siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi kpɔm. Enɔ nu siwo wodzɔ na Yehowa la kple nunana siwo ŋu wokɔ la mam.


Le zã ma ke me la, woame lã la aɖu kple amagbe veve kple abolo maʋamaʋã.


Woaɖu nuɖuvɔsawo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsawo kple fɔɖivɔsawo, eye nu sia nu si le Israel si wotsɔ na Yehowa la, anye wo tɔ.


Woatsɔ wɔ la ƒe mamlɛa ana Aron kple via ŋutsuwo abe woƒe nuɖuɖu ene; ke woabu esiawo katã abe nuɖuvɔsa kɔkɔe na Yehowa ene.


Ale nunɔla la alé avu ɖe enu le nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖe sia ɖe ta, eye Mawu atsɔe akee. Wɔ la ƒe mamlɛa azu nunɔla la tɔ abe ale si wowɔna le nuɖuvɔsa gome ene.’ ”


Woatɔ dzo nunɔlawo ƒe nuɖuvɔsa ɖe sia ɖe keŋkeŋ, eye womaɖui o.”


Nunɔla si asa vɔ sia la aɖu vɔsalã la le Agbadɔ la ƒe kpɔ me.


Yehowa gade se siawo na Aron. “Metsɔ nunana siwo katã Israelviwo tsɔna vɛ na Yehowa la na nunɔlawo. Nunana siwo katã wotsɔna naa Yehowa to wo nyenye le vɔsamlekpui la ŋgɔ me la nye wò kple viwò ŋutsuwo tɔ le se mavɔ la nu.


Eya ta mina míaɖu nu, ano nu le Kristo me be míatsi nyuie le kristotɔ ƒe agbenɔnɔ me, eye míaɖe asi le agbe vlo siwo míenɔna tsã la ŋu, adzudzɔ fuléle kple tamesesẽ, ke boŋ mina be bubu, nyateƒetoto kple nu si le eteƒe la wɔwɔ nanye míaƒe gbe sia gbe nuɖuɖu kple nunono.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa