Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 6:12 - Agbenya La

12 Vɔsamlekpui la ƒe dzo aganɔ bibim kokoko; mele be wòatsi o. Nunɔla la agade nake yeyewo dzo la me ŋdi sia ŋdi, eye wòatsɔ gbe sia gbe ƒe numevɔsa ada ɖe edzi, atɔ dzo gbe sia gbe ƒe ŋutifafavɔsa ƒe ami.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Eye Yehowa ƒo nu kple Mose gblɔ bena:

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 6:12
14 Mawu Ofanana  

Kpe ɖe esiawo ŋu la, mewɔ ɖoɖo ɖe nakenana ɖe ɣeyiɣi dzi kple nu gbãtɔwo nana hã ŋu. O! Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye, le wò dɔmenyo la nu.


eye esi dze ŋgɔ anyiehe lae nye nunɔla siwo kpɔa vɔsamlekpui la dzi tɔ. Ame siawoe nye Zadok ƒe viwo, ame siawo koe nye Levitɔ siwo ate ɖe Yehowa ŋu be woasubɔ le eŋkume.”


Emegbe la, aɖɔli eƒe awuwo, atsɔ dzowɔ la ayi teƒe si ŋuti kɔ le asaɖa la godo.


Ele be dzo nanɔ bibim le vɔsamlekpui la dzi madzudzɔmadzudzɔe. Mele be wòatsi gbeɖe o.’ ”


“De se siawo na Aron kple via ŋutsuwo tso numevɔsa ŋuti, ‘Woagblẽ numevɔsa la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzodoƒe, eye dzo nanɔ bibim le ete zã blibo la.


eye dzo tso Yehowa gbɔ fia numevɔsa la kple amiawo le vɔsamlekpui la dzi. Esi ameawo kpɔe la, wo katã wodo dzidzɔɣli, eye wotsyɔ mo anyi le Yehowa ŋkume.


ke nu si ko míanɔ mɔ kpɔm na le ŋɔdzi gã aɖe me lae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple dzo bibi si ava fia Mawu ƒe futɔwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa