3 Mose 5:4 - Agbenya La4 Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ. Onani mutuwoBiblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 19134 Alo ne atam ge le amea ɖe nu, eɖanye vɔ̃ alo nyui dzi wòka atam la ɖo be, yeawɔ o, eye menyae o, emegbe wòdze sii la, ekema eɖi nu siawo dometɔ ɖeka ƒe fɔ. Onani mutuwo |