Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 5:2 - Agbenya La

2 “ ‘Alo ne ame aɖe ka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu abe lã maɖumaɖua aɖe ƒe kukua ŋu, alo gbemelã alo aƒemelã alo nutata siwo ŋuti mekɔ o ene ŋu la, ewɔ nu vɔ̃, ne eya ŋutɔ menya be yeka asi nu makɔmakɔ ŋu o hã.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Alo ne amea ɖe de asi nu makɔmakɔa ɖe ŋu, eɖanye gbemelã, aƒemelã alo nutata makɔmakɔa ɖe ƒe kuku ŋu o, eye menyae o la, ekema egblẽ ko ɖo, eye wòɖi fɔ.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 5:2
16 Mawu Ofanana  

Ame kae ate ŋu ade dzesi nu gbegblẽ si wòwɔ? Tsɔ nye vodada siwo metsɔ ɣla la kem.


Midzo, midzo, mido go le afi ma! Migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o! Mido go le eme, Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o. Mi ame siwo lé Yehowa ƒe kpluwo ɖe asi.


Esi wònye be wonye ŋunyɔnuwo na mi ta la, migaɖu woƒe lã o, eye woƒe kukua hã nanyɔ ŋu na mi.


Mele be miaɖu eƒe lã loo alo aka asi eƒe kukua teti hã ŋu o. Nu makɔmakɔ wònye na mi.


“ ‘Ne Israel dukɔ blibo la wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòwɔ nu si Yehowa de se na wo be womawɔ o la, ameawo katã ɖi fɔ.


“Ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃, eye wòwɔ nu si wogbe be womawɔ o le Yehowa ƒe ɖoɖowo dometɔ aɖe me, ne eya ŋutɔ menyae o gɔ̃ hã la, eɖi fɔ eye woabui nu vɔ̃e nɛ.


Alo ne ede asi ame ƒe nu makɔmakɔ aɖe, nu sia nu si ana wòagblẽ kɔ ɖo la ŋu, togbɔ be menyae hafi o hã la, ne eva nya la, aɖi fɔ.


Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ.


Woaɖe ame sia ame si aka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu, ne nu makɔmakɔ la tso amegbetɔ alo lã aɖe gbɔ, gake wòaɖu ŋutifafavɔsanu ƒe ɖe la le etɔwo dome, elabena eƒo ɖi nu si nye nu kɔkɔe la.’ ”


Hagai gabia be, “Ekema ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋuti, eye wòzu ame makɔmakɔ, hafi wòka asi nuɖuɖu siawo ƒe ɖe ŋuti la, ɖe nu siawo hã zu nu makɔmakɔa?” Nunɔlaawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, wozu nu makɔmakɔwo.”


Nu sia nu si ŋu ame si ŋuti mekɔ o la ka asii la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.”


“Babaa na mi. Ɖeko miele abe yɔdo siwo dzi gbe vu tsyɔ̃ ene. Amewo va toa mia dzi, eye womenyaa nu dziŋɔ si dzi zɔm wole o.”


Esia ta, Yehowa gblɔ be, “Mido go le wo dome, eye miaɖe vovo tso wo gbɔ le nu sia nu me. Migade asi woƒe nu siwo ŋuti mekɔ o la ŋuti o, ekema maxɔ mi abe tɔnyewo ene.”


Nenema ke, migaɖu ha hã o, elabena togbɔ be eƒe afɔkli me fe hã la, medzɔa nu gaɖuna o. Mele be miaka asi lã siawo ƒe kukuawo gɔ̃ hã ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa