Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 5:11 - Agbenya La

11 “ ‘Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu atsɔ akpakpawo alo ahɔnɛ fɛ̃wo asa nu vɔ̃ vɔe o la, ekema ana wɔ memee kilogram ɖeka. Mele be woakɔ ami ɖe edzi loo alo atsakae kple dzudzɔdonu o, elabena nu vɔ̃ vɔsae.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ne mate ŋu ana akpakpa eve alo ahɔnevi eve hã o la, ekema wòatsɔ wo memee eta ɖeka ƒe ewoliawo ɖeka asa vɔe ɖe eƒe vo, si wòda la ta; makɔ ami ɖe edzi o, eye makpe dzudzɔdonu hã ɖe eŋu o, elabena nuvɔ̃ŋutivɔsae.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 5:11
23 Mawu Ofanana  

Esi wotrɔ wo ɖe dzidzenu la me la, woyɔ dzidzenu la ɖe ame sia ame nu. Ame si ƒoa ƒu nuwo fũu hã mekpɔa ɖeke ɖe edzi o, ke ame si ƒo ƒu sue aɖe hã la, naneke mehiãnɛ o! Aƒe ɖe sia ɖe me tɔwo kpɔ esi ade wo nu tututu.


(Dzidzenu si wotsɔna dzidzea mana la anɔ abe lita eve ene.)


“ ‘Ne nunana na Yehowa nye numevɔsa si woawɔ kple xevi la, ele be wòanye akpakpa alo ahɔnɛvi.


Ke ne nyɔnu aɖe da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽ o la, ekema ele nɛ be wòana akpakpa eve alo ahɔnɛ eve. Woatsɔ xeviawo dometɔ ɖeka asa numevɔ, eye woatsɔ evelia asa nu vɔ̃ vɔsae. Nunɔla la atsɔ nu siawo alé avu ɖe enu ale be eŋuti nagakɔ.’ ”


“Ne amea da ahe ale gbegbe be mate ŋu ana alẽvi eve o la, ekema ana agbovi ɖeka ko na fɔɖivɔsa la be woatsɔ ana Yehowa hena avuléle to enyenye le yame le vɔsamlekpui la ŋgɔ me. Nu siwo agakpe ɖe esia ŋu koe nye wɔ memee kilogram ɖeka si dzi wokɔ ami ɖo hena nuɖuvɔsa la kple amitimi lita ɖeka ƒe akpa etɔ̃lia.


Ke ne ame si le adzɔgbe la ɖem da ahe ale gbegbe be mate ŋu axe fe si wòle be wòaxe o la, woakplɔe va nunɔla la gbɔ, eya kple nunɔla la naɖo aɖaŋu, eye wòaxe nu si nunɔla la aɖo nɛ la.


Atsɔe vɛ na nunɔla la; nunɔla la aɖe wɔ la ƒe asiʋlo ɖeka ɖe wɔ blibo la teƒe, eye wòatɔ dzoe le vɔsamlekpui la dzi abe dzovɔsa bubu ɖe sia ɖe na Yehowa ene. Esiae anye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.


eye wòatsɔ alẽnɔ alo gbɔ̃nɔ asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Nunɔla la alé avu ɖe enu, ekema Mawu atsɔ eƒe nu vɔ̃ akee, eye mele be wòagawɔ ɖe atam si wòka la dzi o.


Nunɔla la ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Esiae nye nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.


“Nu siae nye nu si Aron kple via ŋutsuwo ana Yehowa le gbe si gbe woasi ami nɛ: wɔ memee kilogram ɖeka abe gbe sia gbe ƒe nuɖuvɔsa ene. Woatsɔ afã vɛ ŋdi, eye afã evelia le fiẽ.


ele be ŋutsu la nakplɔ srɔ̃a ayi nunɔla gbɔ. Nu si wòana nunɔla ɖe srɔ̃a tae nye luwɔ lita ɖeka. Womakɔ ami kple dzudzɔdonu ɖe edzi o, elabena enye nuɖuvɔsa ɖe ŋuʋaʋã ta kple ŋkuɖodzivɔsa si ahe woƒe susu ayi ɖe fɔɖiɖi gbɔe.


Eƒe nunana siwo wòtsɔ vɛ la woe nye: klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka kple afã kple klosalogba ɖeka si ƒe kpekpeme nye kilogram ɖeka. Wotsɔ nuɖuvɔsanu, si nye wɔ memee si wobaka kple ami la de agba la kple ze la me.


Yesu dzilawo na nunana si wòle be woana abe ale si Mawu ƒe se la gblɔ ene be, ele be woana akpakpa eve alo ahɔnɛ sue eve.


Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.


Le nyateƒe me la, se la bia be woakɔ nu sia nu kloe ŋuti kple ʋu, eye ne womekɔ ʋu ɖi o la, nu vɔ̃ tsɔtsɔke manɔ anyi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa