Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 4:23 - Agbenya La

23 ne wova na wònya emegbe ko la, ele be wòatsɔ gbɔ̃tsu si de blibo la vɛ abe eƒe vɔsa ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 emegbe wòdze si nuvɔ̃, si wòwɔ la, ekema wòatsɔ gbɔ̃tsu, si sɔ blibo, asa vɔe.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 4:23
23 Mawu Ofanana  

Ètsɔ míaƒe vodadawo ɖo wò ŋkume kple míaƒe nu vɔ̃ siwo míewɔ le ɣaɣlaƒe la ɖo wò mo ƒe kekeli nu.


“Le ŋkeke evelia gbe la, ele be nàna gbɔ̃tsu si ŋu kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele o la na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa, eye woakɔ vɔsamlekpui la ŋu abe ale si wokɔ eŋui kple nyitsu la ene.


“ ‘Ne nunana la anye numevɔsa tso lãhawo dome la, ele be wòana lãtsu si ŋuti kpɔtsɔtsɔ mele o. Ele be wòanae le agbadɔ la ƒe mɔnu ale be wòadze Yehowa ŋu.


Emegbe la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa, eye miatsɔ alẽvi eve siwo xɔ ƒe ɖeka la asa akpedavɔe.


Ne wova dze si woƒe nu vɔ̃ la, woana nyitsu fɛ̃ aɖe hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa. Woatsɔ nyitsu la ava Agbadɔ la ŋgɔ.


Ada eƒe asi ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, awui le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye wòatsɔe na Yehowa. Esiae nye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.


Ke ne eva nya teti ko la, ele nɛ be wòatsɔ gbɔ̃nɔ si de blibo la vɛ be yeatsɔe alé avui ɖe yeƒe nu vɔ̃ ta.


“ ‘Ne nunɔla aɖe wɔ nu vɔ̃ le ŋuɖeɖi me, eye wòto esia me he fɔɖiɖi va ameawo dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi fɛ̃ si de blibo la asa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa.


Alo ne ame aɖe ka atam be yeawɔ nane evɔ mebu ta me nyuie hafi kae o, eɖanye nyui alo vɔ̃ la, le nya sia nya si me wòaka atam le tamemabumabutɔe la, togbɔ be menya nu si wɔm wòle o hã la, ne eva nya emegbe la, aɖi fɔ.


Mose yi edzi be, “Gblɔ na Israelviwo be woatia gbɔ̃tsu ɖeka hena woƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa kple nyivi ɖeka kple alẽvi ɖeka, lã siwo de blibo hena woƒe numevɔsa.


eye menye nu si woɖo wɔ, eye ameha la menya nu tso eŋu o la, ameha blibo la ana nyitsu fɛ̃ aɖe hena numevɔsa hena ʋeʋẽ lĩlĩlĩ si adze Yehowa ŋu hekpe ɖe eƒe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa si woɖo da ɖi kple gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ŋu.


“Emegbe la, le ɣleti ɖe sia ɖe ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, miana gbɔ̃tsu ɖeka hena nu vɔ̃ ŋuti vɔsa na Yehowa. Esia akpe ɖe gbe sia gbe ƒe numevɔsa kple nunovɔsa si miesana la ŋuti.


Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa avulévɔ ɖe mia ɖokuiwo ta.


Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã. Esia akpe ɖe avuléŋkeke la ƒe nu vɔ̃ vɔsa si miesana ƒe sia ƒe le ŋkeke ma dzi la ŋuti, hekpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋuti.”


Ele be miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hã kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa, nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.


Kpe ɖe miaƒe gbe sia gbe ƒe numevɔsa ŋu la, ele be miagatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa akpe ɖe nuɖuvɔsa kple nunovɔsa ŋu.


Hekpe ɖe esiawo ŋu la, miatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka asa nu vɔ̃ vɔsa hena avuléle ɖe miawo ŋutɔ ta.


eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.


eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.


eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.


eye wògatsɔ gbɔ̃tsu ɖeka vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.


Elabena nu si se la mete ŋu wɔ o esi wògbɔdzɔ to ŋutilã me la, Mawu wɔe to Via si wòɖo ɖa le nu vɔ̃ ŋutilã ƒe nɔnɔme me la dzi, eye wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, eye wòbu fɔ nu vɔ̃ le ŋutilã me,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa