Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 4:18 - Agbenya La

18 Emegbe la, asisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Agbadɔ la me le Yehowa ŋkume, eye wòakɔ ʋua mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Emegbe woatsɔ ʋu la asisi ɖe vɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔ la me le Yehowa ƒe ŋku me la, ƒe dzowo ŋu; ke wòatsɔ ʋu mamlea katã akɔ ɖe numevɔsamlekpui, si le Mawu ƒe agbadɔa nu la te.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 4:18
11 Mawu Ofanana  

Ale wowu nyitsuawo eye nunɔlaawo tsɔ ʋua hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Emegbe wowu agboawo eye wotsɔ woƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Nenema ke wowu alẽviawo eye wotsɔ eƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu.


Tsɔ wò asibidɛ de eƒe ʋu me, sisi ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ŋu, eye nàkɔ ʋu mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te.


“Zi ɖeka le ƒe ɖe sia ɖe me la, Aron awɔ avulévɔsa na eƒe lãdzoawo. Woawɔ ƒe sia ƒe ƒe avulévɔsa kple nu vɔ̃ ƒe avulévɔsalã ƒe ʋu le dzidzimewo katã me. Enye nu kɔkɔetɔ kekeake na Yehowa.”


Ekema nunɔla la atsɔ nu vɔ̃ ŋuti vɔsalã sia ƒe ʋu ƒe ɖe, atsɔ eƒe asibidɛ asisi ʋu la ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋu la ƒe mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te.


Ekema nunɔla la ade asibidɛ ʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te.


Nunɔla la ade asibidɛ vɔsaʋu la me asisi ɖe numevɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋuti, eye woakɔ ʋua ƒe mamlɛa katã ɖe vɔsamlekpui la te.


Emegbe la, nunɔla la asisi ʋu la ƒe ɖe ɖe dzudzɔdovɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu le Yehowa ŋkume le Agbadɔ la me; atsɔ ʋua mamlɛa akɔ ɖe numevɔsamlekpui la te le Agbadɔ la ƒe mɔnu.


Nunɔla la ahlẽ ʋua ƒe ɖe ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo dzi, eye wòakɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Esiae nye nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.


Ne wotsɔ vɔsalã la ƒe ʋu aɖe yi Agbadɔ la me, be woalé avu le Kɔkɔeƒe la la, ekema nunɔlawo mekpɔ mɔ aɖu vɔsalã la o. Woatɔ dzo lã blibo la le Yehowa ŋkume.


Mose wu nyitsu la, tsɔ eƒe ʋu ƒe ɖe, eye wòtsɔ eƒe asibidɛ sisi ʋua ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo katã ŋu be yeakɔ vɔsamlekpui la ŋuti. Ekɔ ʋua mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te. Ale wòkɔ eŋuti, eye wòwɔe wòanye avuléle nɛ.


Via ŋutsuwo tsɔ ʋu la nɛ. Ede asi eme, sisii ɖe vɔsamlekpui la ƒe dzowo ŋu, eye wòkɔ mamlɛa ɖe vɔsamlekpui la te.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa