Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 3:8 - Agbenya La

8 Ele be wòada eƒe asi ɖe lã la ƒe ta dzi, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la ŋkume. Ekema Aron kple via ŋutsuwo ahlẽ ʋu la ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo katã ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 eye wòatsɔ eƒe asi aɖo eƒe vɔsalã la ƒe tame, eye wòawui le Mawu ƒe agbadɔ la nu; emegbe Aron viŋutsuwo natsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu godoo ava kpe.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 3:8
17 Mawu Ofanana  

Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene. Mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa tsɔ mí katã ƒe nu vɔ̃wo da ɖe eya amea dzi.


Ame si le vɔ la sam la awui le Yehowa ŋkume le vɔsamlekpui la ƒe anyiehe lɔƒo. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la ahlẽ lã la ƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ŋu akpe ɖo.


Ele be wòatsɔ eƒe asi ada ɖe numevɔsa la ƒe ta dzi, eye woaxɔ numevɔsa la ɖe vɔsalã la teƒe be wòalé avu ɖe enu.


Ekema amea awu nyitsuvi la le afi ma le Yehowa ŋkume. Aron ƒe viŋutsuwo, ame siwo nye nunɔlawo la atsɔ ʋu la ahlẽ ɖe vɔsamlekpui si le agbadɔ la ƒe mɔnu la ƒe axawo katã ŋu.


atsɔ eƒe asi ada ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, eye wòawui le Agbadɔ la ƒe mɔnu. Aron viŋutsuwo ahlẽ eƒe ʋu ɖe vɔsamlekpui la ƒe axawo kple ene ŋu,


Dukɔ la ƒe ametsitsiwo ada asi ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye woawui le Yehowa ŋkume.


Ada eƒe asi ɖe gbɔ̃ la ƒe ta dzi, awui le afi si wowua numevɔsalãwo le, eye wòatsɔe na Yehowa. Esiae nye eƒe nu vɔ̃ ŋuti vɔsa.


Ele be wòakplɔ nyitsuvi fɛ̃ la ava Agbadɔ la ƒe mɔnu, atsɔ eƒe asi ada ɖe nyitsu la ƒe ta dzi, eye wòawui le afi ma le Yehowa ŋkume.


Le ɣeyiɣi sia me tututu la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo be, “Wòe nye vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, wò me mekpɔa ŋudzedze lena.”


Gbeƒã si ko ɖem míele fifia lae nye be Mawu to Kristo dzi le xexea me katã kpem va eɖokui gbɔe. Magaɖo ŋku amewo ƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o, ke boŋ atsɔ wo ake wo eye wòatutu wo ɖa keŋ. Nukunya siae wòde asi na mí be míagblɔ na amewo katã.


Elabena Kristo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, gake be míawo míakpɔ agbe ta la, Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ƒe agba dro ɖe eya amea dzi. Eye wòtsɔ eƒe dzɔdzɔenyenye ɖo eteƒe na mí katã.


To eya amea me la, mí katã míate ŋu ayi Fofo la gbɔ to Gbɔgbɔ ɖeka ma dzi.


Azɔ la, míate ŋu ado ɖe Mawu ŋkume le xɔse, ablɔɖe kple dzideƒotɔ me.


Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa