Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 26:8 - Agbenya La

8 Mia dometɔ atɔ̃ anya ame alafa ɖeka ɖe du nu, eye mia dometɔ alafa ɖeka anya ame akpe ewo! Miaɖu miaƒe futɔwo katã dzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Mia dometɔ atɔ̃ anyẽ ame alafa ɖeka, eye mia dometɔ alafa ɖeka anyã ame akpe ewo, eye miaƒe futɔwo atsi miaƒe yi nu.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 26:8
15 Mawu Ofanana  

Wo dometɔ gbãtɔe nye Yasobeam, ŋutsu aɖe si tso Hakmon. Eyae nye Ame Sesẽ Etɔ̃awo, ame siwo nye aʋawɔla xɔŋkɔ etɔ̃awo le David ƒe aʋakɔ la me la kplɔla. Ewu ame alafa etɔ̃ kpɔ kple eƒe akplɔ le aʋakpekpe ɖeka me.


Abisai, Yoab nɔvi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ (300) kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene.


Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔ siwo nɔ fiaɖuƒe la ƒe akpa bubuawo la ƒo ƒu, eye wotsrɔ̃ woƒe futɔwo katã. Wowu woƒe futɔ akpe blaadre-vɔ-atɔ̃ (75,000), gake womeha woƒe nuwo o.


Mianya miaƒe futɔwo ɖe du nu; woaku ɖe miaƒe yi nu.


Gbe ma gbe la, Yehowa atsɔ akpoxɔnu atsyɔ Yerusalem nɔlawo dzi, ale be ame gblɔetɔ kekeake si le wo dome la anɔ abe David ene, eye David ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, anɔ abe Yehowa ƒe dɔla si dze ŋgɔ na wo la ene.


Gake ɖekoe miagadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ ame siwo le anyigba la dzi o, wo dzi ɖuɖu le bɔbɔe na mí, elabena luʋɔ dzo le wo ta, ke míawo ya la, Yehowa li kpli mí, eya ta migavɔ̃ na wo o.”


Miɖo ŋutsu akpe ɖeka tso Israel ƒe to ɖe sia ɖe me ɖe aʋa la.”


“Yehowa aɖu wò futɔwo dzi le ŋgɔwò. Woaƒo ƒu alũ ɖe dziwò, gake woaka ahlẽ asi to teƒe adre le ŋgɔwò!


Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ anya wo dometɔ akpe ɖeka eye futɔ eve ko nanya akpe ewo? Ne menye woƒe Agakpee ɖe asi le wo ŋu, eye Yehowa ŋutɔe tsrɔ̃ wo o?


Mia dometɔ ɖeka ɖe sia ɖe te ŋu nya futɔ akpe ɖeka ɖe du nu, elabena Yehowa, miaƒe Mawu la wɔa aʋa na mi,


Etsɔ tedzi kuku aɖe ƒe glãƒu si nɔ anyigba la eye wotsɔe wu Filistitɔ akpe ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa