Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 26:19 - Agbenya La

19 Maɖe miaƒe ŋusẽ si dzi miedana ɖo la dzi, mana dziƒo nanɔ na mi abe gayibɔ ene, eye anyigba nanɔ na mi abe akɔbli ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Maŋe miaƒe dada vivivo la nu, eye mana dziƒo nana na mi ate ga ene, eye miaƒe anyigba nana abe akɔbli ene.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 26:19
20 Mawu Ofanana  

Azɔ la Eliya, Tisbitɔ si tso Tisbi le Gilead la va gblɔ na Ahab be, “Meta Yehowa, Israel ƒe Mawu la ƒe agbe, ame si mesubɔna la be zãmu loo alo tsi madza le ƒe siwo gbɔna la me o negbe le nye nya nu ko.”


“Ne dziƒowo nu tu eye tsi mele dzadzam o elabena wò amewo wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋutiwò, ne wodo gbe ɖa ɖo ɖe teƒe sia, ʋu wò ŋkɔ me eye woɖe asi le woƒe nu vɔ̃ ŋu elabena èwɔ fu wo la,


Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ɖo ŋkeke ɖi na dadalawo kple ɖokuiŋudzelawo kple nu siwo katã wodo ɖe dzi la (elabena woabɔbɔ wo ɖe anyi).


Akeke eƒe abɔwo ɖe dukɔ la dzi abe ale si tsiƒula kekea eƒe abɔwo ne ele tsi ƒum ene. Mawu aɖiɖi wo ɖe anyi le woƒe dada ta togbɔ be wotsɔ woƒe asiwo wɔ kalẽnu geɖewoe hã.


Ebɔbɔa ame siwo le kɔkɔƒe la ɖe anyi, ebɔbɔa du si do eɖokui ɖe dzi la ɖe anyi. Egbãnɛ va se ɖe anyigba ke, eye wòtutunɛ dea ke me.


Baba na seƒoƒofiakuku ma si nye dada na Efraim ƒe ahanomunɔtɔwo. Baba na seƒoƒo yɔyrɔ la ƒe gãnyenye si wotsɔ ɖo atsyɔ̃ na balime si nyoa nuku. Baba na du ma si nye dada na ame siwo wain flu tagbɔ na!


“Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Alea kee magblẽ Yuda ƒe dada kple Yerusalem ƒe dada gã la mee.


Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi eye kelemetsi gɔ̃ hã medza o. Ke wò la, gbolo ƒe mo ŋanɛ li na wò eye ŋu gbe wò kpekpe.


Gblɔ na Israel ƒe aƒe la be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Mele kɔ gblẽ ge ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽteƒe si dzi miedana ɖo, teƒe si doa dzidzɔ na miaƒe ŋkuwo kple teƒe si mielɔ̃. Viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegble ɖi la atsi yinu


“Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Egipte dzi nɔlawo adze anyi, eye eƒe ŋusẽ si dzi wòdana ɖo la ayi to tso Migdol va se ɖe Aswan; woatsi yinu le eme.’ Aƒetɔ Yehowa gblɔe.


Mana anyigba la nazu aƒedo kple gbegbe, eye eƒe ŋusẽ si ŋu wòƒoa adegbe le la nu atso. Israel ƒe towo atsi ƒuƒlu ale be ame aɖeke magate ŋu ato wo dzi ayi o.


Makplɔ dukɔ vɔ̃ɖitɔwo vɛ be woava xɔ woƒe aƒewo, matsi ŋusẽtɔwo ƒe dada nu, eye woagblẽ kɔ ɖo na woƒe Kɔkɔeƒewo.


Ke azɔ la, nye Nebukadnezar, mekafu Dziƒo fia la, medoe ɖe dzi eye mede bubu eŋu elabena nu sia nu si wòwɔna la nɔa dzɔdzɔe eye eƒe mɔwo katã le eteƒe. Ame siwo zɔna dadatɔe la, etea ŋu bɔbɔa wo ɖe anyi.


Le ɣe ma ɣi la, ŋu magakpe mi le miaƒe nu vɔ̃ siwo katã miewɔ ɖe ŋunye la ta o, elabena maɖe ame siwo katã kpɔa dzidzɔ le ɖokuidodoɖedzi ŋuti la ɖa le dua me, ale be dadala aɖeke maganɔ nye to kɔkɔe la dzi o.


Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã, eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi.


Ne miesubɔ mawu bubuwo la, Yehowa ƒe dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye wòatu dziƒo nu ale be tsi magadza o, eye agblemenukuwo mawɔ o. Ekema miatsrɔ̃ enumake le anyigba nyui si Yehowa na mi la dzi,


“Dziƒowo asẽ dzi me abe akɔbli ene ɖe wò tame, eye anyigba anɔ abe gayibɔ ene ɖe tewò.


Filistitɔwo xɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wowu Hofni kple Finehas gbe ma gbe.


Esi aʋa la ke la, Israelviwo trɔ yi woƒe asaɖa me eye woƒe kplɔlawo de ŋugble tso nu si ta Yehowa na Filisitɔwo ɖu wo dzi la ŋu. Wogblɔ be, “Mina míatsɔ Yehowa ƒe nubablaɖaka la tso Silo ava afi sia. Ne míetsɔe yi aʋagbedzi kpli mí la, Yehowa anɔ mía dome eye wòaɖe mí tso míaƒe futɔwo si me kokoko.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa