Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 26:13 - Agbenya La

13 elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, ale be miaganye kluviwo azɔ o. Meɖe kɔkuti le kɔ dzi na mi, ale be miazɔ abe ablɔɖemewo kple bubumewo ene.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Nyee nye Yehowa, mia Mawu, si kplɔ mi tso Egipte-nyigba dzi, bena miaganye kluviwo na wo o; meŋe kɔkuti ɖa le kɔ dzi na mi, eye mievo le yiyim.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 26:13
18 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, menye wò dɔla vavã, wò dɔlae menye, wò subɔla ƒe viŋutsue menye, eye nèɖem tso nye gakɔsɔkɔsɔ siwo blam la me.


Yehowa na Egipte fia Farao ƒe dzi me sẽ ɖe edzi, ale wòti Israelvi siwo nɔ azɔli dzi dzideƒotɔe la yome.


“Nyee nye Yehowa, wò Mawu, si ɖe wò tso kluvinyenye me le Egiptenyigba dzi.


Maxɔ mi abe nye amewo ene, manye miaƒe Mawu, mianyae be nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu, ame si ɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe asi me,


Matsɔe ade asi na wò fuwɔamela siwo gblɔna na wò be, ‘Mlɔ anyi ne míazɔ dziwò ayi’, eye nèwɔ wò dzime abe anyigba kple mɔdodo ene be woato edzi ayi.”


Èdzi dukɔ la ɖe edzi, eye nèdzi woƒe dzidzɔkpɔkpɔ hã ɖe edzi. Wokpɔ dzidzɔ le ŋkuwòme abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ le nuŋeɣi kple abe ale si amewo kpɔa dzidzɔ ne wole aboyonu mam la ene.


“Tso gbe aɖe gbe ke nèŋe wò kɔkuti, eye nètso wò bablawo, ègblɔ bena, ‘Nyemasubɔ wò o!’ Vavã, èmlɔ anyi abe gbolo ene ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi kple ati dama ɖe sia ɖe te.


“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Mele Babilonia fia ƒe kɔkuti la ŋe ge.


Makplɔ Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vi agbɔ va teƒe sia, hekpe ɖe Yudatɔ siwo katã woɖe aboyoe yi ɖe Babilonia la ŋuti, elabena maŋe Babilonia fia ƒe kɔkuti.’ ” Yehowae gblɔe.


Tapanhes ƒe ŋkeke ado viviti, ne mekaka Egipte ƒe kɔkuti; afi mae Egipte ƒe ŋusẽ, si dzi wòdana ɖo la, aɖo eƒe seƒe le. Lilikpo atsyɔ edzi, eye woaɖe aboyo eƒe duwo me tɔwo.


Atiwo le gbedzi atse ku, eye anyigba ana nuku nyuiwo, eye amewo anɔ dedie le woƒe anyigba dzi. Woanya be nyee nye Yehowa, ne meŋe woƒe kɔkutimegawo, eye meɖe wo tso ame siwo wɔ wo kluviwoe la ƒe asi me.


Mekplɔ wo kple dɔmenyo ƒe ka, eye mebla wo kple lɔlɔ̃. Meɖe kɔkuti la le woƒe kɔ, eye mebɔbɔ na nuɖuɖu wo.


Esiae nye sedede tso nye, Yehowa, miaƒe Mawu la gbɔ, ame si kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi be matsɔ Kanaanyigba ana mi, eye manye miaƒe Mawu.


Esi wònye nyee kplɔ mi tso Egiptenyigba dzi, eye nye subɔlawo mienye ta la, mele be woadzra mi abe kluvi bubuawo ene loo


Elabena nye amewoe nye Israelviwo. Nyee ɖe wo tso Egiptenyigba dzi. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”


Azɔ la, maŋe kɔkuti le wò kɔ, eye matu ka wò tso bablawo me.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa