Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 24:5 - Agbenya La

5 “Le Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe dzi la, nunɔlagã atsɔ abolo bɔbɔe wuieve si wotsɔ wɔ kilogram etɔ̃ me ɖe sia ɖe,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye natsɔ wɔ memee aƒo abolo wuieve; wɔ efa ƒe mamã ewoliawo eve naƒo abolo ɖeka,

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 24:5
18 Mawu Ofanana  

Etsɔ kpe wuieve ɖe Yakob, ame si Yehowa gblɔ na be, “Wò ŋkɔe anye Israel” la ƒe viwo ƒe to wuieveawo ƒe xexlẽme nu.


Woawoe tsɔa ŋkumeɖobolo ɖoa kplɔ̃ dzi, tua wɔ hena nuɖuvɔsawo, mea akpɔnɔ kple amɔ maʋamaʋã, blua abolowɔ hemenɛ eye wokpɔa nudanuwo kple nudzidzenuwo katã dzi.


Kohatitɔ la ƒe viŋutsuawo dometɔ aɖewo ƒe dɔe nye be woame abolo si wodana ɖe kplɔ̃ dzi Dzudzɔgbe ɖe sia ɖe.


Wosaa numevɔ, doa dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa gbe sia gbe, ŋdi kple fiẽ eye wodaa Ŋkumeɖobolo ɖe kplɔ̃ kɔkɔe la dzi. Wosia sikakaɖigbɛ la zã sia zã elabena míekpɔa egbɔ be míazɔ ɖe Yehowa, míaƒe Mawu ƒe ɖoɖowo nu, ke miawo ya la, miegblẽ Yehowa ɖi


elabena míehiã nu tɔxɛwo na Ŋkumeɖobolo, nuɖuvɔsawo kple numevɔsawo na Dzudzɔgbewo, Ɣleti yeye ƒe ŋkekenyuiwo kple Ŋkekenyui siwo míeɖuna ƒe sia ƒe, na vɔsa kɔkɔewo, na avuléle ɖe Israel nu kple dɔwɔwɔ le gbedoxɔ la me.


“Míada akɔ be míanya ƒe sia ƒe ƒe ɣeyiɣi si dzi nunɔlawo, Levitɔwo kple kplɔlawo ƒe ƒometɔwo ana nake si ŋu dɔ woawɔ le Yehowa, mía Mawu la ƒe vɔsamlekpui dzi abe ale si woŋlɔe ɖe Se la me ene.


eye nàtsɔ Ŋkumeɖobolo tɔxɛ ada ɖe kplɔ̃ la dzi le nye ŋkume ɣe sia ɣi.


kplɔ̃ la kple eŋunuwo katã; ŋkumeɖobolo la;


eye wòtsɔ ŋkumeɖobolo la da ɖe kplɔ̃ la dzi le Yehowa ŋkume abe ale si Yehowa ɖo nɛ ene.


Emegbe la, kɔ kplɔ̃ la da ɖe eme, nàkɔ kplɔ̃a ŋutinuwo da ɖe kplɔ̃ la dzi, nàtsɔ akaɖiti la de eme, eye nàsi akaɖiawo.


“Le esia megbe la, woatsɔ aɖabɛ blɔtɔ la akeke ɖe ŋkumeɖobolo la ƒe kplɔ̃ la dzi, eye woatsɔ agbawo, gatsiwo, trewo kple kpluwo kple abolo la ada ɖe avɔ la dzi.


Eya kple eŋutimewo yi gbedoxɔ me, eye woɖu abolo tɔxɛ si mele se nu be woaɖu o, negbe nunɔlawo ko naɖu la.


Nu sia ke ko Israelviwo ƒe to wuieveawo katã hã le mɔ kpɔm na, hele kutri kum le subɔsubɔ wɔm zã kple keli gbe sia gbe ɖe eta. Gake Fia Agripa, le nye ya gome la, Yudatɔwo le nunye tsom be enye nu vɔ̃ mewɔ.


Wotu Agbadɔ; le Agbadɔ la ƒe xɔ gbãtɔ me la, akaɖiti, kplɔ̃ kple ŋkumeɖobolo nɔ anyi, eye woyɔ teƒe sia be Kɔkɔeƒe.


Nye, Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe ame siwo kaka ɖe xexea me godoo: Mele gbe dom na mi katã.


Ale, esi nuɖuɖu bubu aɖeke meganɔ anyi o ta la, nunɔla la tsɔ abolo kɔkɔe, Ŋkumeɖobolo, si wotsɔ da ɖe Yehowa ŋkume le agbadɔ la me nɛ. Gbe ma gbe kee wotsɔ abolo yeye ɖɔlii.


Eva eme be wosika Doeg, Edomtɔ, ame si nye Saul ƒe lãkplɔlawo ƒe amegã la ɖe Yehowa ŋkume le afi ma le ɣeyiɣi ma me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa