Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 22:9 - Agbenya La

9 “ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Woalé ŋku ɖe nye ɖoɖoawo ŋu bena womagagblẽ kɔ ɖo, eye nuvɔ̃ nanɔ wo dzi woaku o. Nyee nye Yehowa, si kɔ wo ŋu!

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 22:9
10 Mawu Ofanana  

Ele be Aron kple via ŋutsuwo nado awu siawo ɣe sia ɣi si woayi agbadɔ la me alo woayi vɔsamlekpui la gbɔ le Kɔkɔeƒe la. Ne womewɔ nu siawo o la, woaɖi fɔ, eye woaku. Esia nye se matrɔmatrɔ na Aron kple via ŋutsuwo.”


Atsɔ dzudzɔdonu la akɔ ɖe dzoka xɔxɔawo dzi le afi ma, le Yehowa ŋkume, ale be dzudzɔdonu la ƒe dzudzɔ naxɔ amenuvevezikpui la dzi le nubablaɖaka la tame, ale be magakpɔ nubablaɖaka la tame ne wòaku o.


Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na nɔviwò, Aron be megayi Kɔkɔeƒe la le xɔmetsovɔ la megbe le nutsyɔnu si le nubablaɖaka la ŋgɔ ɣe sia ɣi si dze eŋu o, ne menye nenema o la, aku, elabena medzena le lilikpo me le nutsyɔnu la tame.


Milé nye ɖoɖowo me ɖe asi, migadze kɔnu nyɔŋu siwo wowɔna hafi mieva la yome o, eye migatsɔ wo do gu mia ɖokuiwo o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”


Ne ame aɖe da le se sia dzi la, eɖi fɔ, eye wòde eɖokui dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me, elabena eɖu nunana kɔkɔe la, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa nunanawo ŋuti.’ ”


Tso azɔ dzi heyina la, Israelvi siwo menye nunɔlawo kple Levi ƒe viwo o la mekpɔ mɔ age ɖe agbadɔ la me o. Ne woge ɖee la, woaɖi fɔ, eye woaku.


Mi, Levi ƒe viwo la, miada vo o, ne miexɔ ameawo ƒe nuwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na Yehowa, eye mietsɔ nu siawo ƒe nyuitɔwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na nunɔlawo. Ke mikpɔ nyuie be miabu Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo abe nu dzodzrowo wonye ene o. Ne miewɔ esia la, miaku.’ ”


Mi bometsila ŋkuagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛea?


“Ele be nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, eye nàwɔ eƒe sewo katã dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa