Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 22:6 - Agbenya La

6 nunɔla ma ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ, eye maɖu vɔsanu kɔkɔe aɖeke o va se ɖe esime wòale tsi le fiẽ hafi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 amesi ka asi nusiawo ƒe ɖe ŋu la, eŋu mekɔ o vaseɖe fiẽ, eye maɖu nunana kɔkɔe la ƒe ɖeke o, negbe ɖeko wòale tsi hafi.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 22:6
16 Mawu Ofanana  

Miekpɔ mɔ aɖu lã afɔene siwo ƒe afɔwo nu fetsu le o. Ame si ka asi woƒe kukua ŋu hã ŋuti mekɔ o, va se ɖe fiẽ.


Ele be ame si atsɔ eƒe kukua aƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ, elabena mede se na mi tso wo ŋu.


Ame sia ame si ka asi nu siawo ƒe kukuawo ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.


Nu sia nu si dzi nu siawo dometɔ aɖe ƒe kukua ge dze la ŋu mekɔ o. Ne ege dze nu si wowɔ kple ati, avɔ, ɖovu alo kotoku aɖe dzi la, ele be woaklɔe kple tsi alo anyae, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ. Le esia megbe la, woagate ŋu awɔ eŋu dɔ.


“ ‘Ne dɔléle wu lã aɖe si ŋu woɖe mɔ le be woaɖu la, ame si ka asi lã la ƒe kukua ŋu la ŋu mekɔ o va se ɖe fiẽ.


Gawu la, ele be ame si ɖu eƒe lã alo tsɔe yi ɖaƒu gbe la nanya eƒe awuwo, eye eŋuti makɔ o va se ɖe fiẽ.


eya ta ame si ka asi ŋutsu la ƒe abati ŋu hã ŋuti mekɔ o va se ɖe fiẽ; ele nɛ be wòanya eƒe awuwo, eye wòale tsi.


alo wòka asi lã tata alo lã makɔmakɔ aɖe ŋu alo wòka asi ame si ŋuti mekɔ o le nane ta la,


Ne ɣe ɖo to la, ekema eŋu akɔ, eye wòate ŋu aɖu nu kɔkɔe la azɔ, elabena eya dzie wòanɔ agbe ɖo.


Hagai gabia be, “Ekema ne ame aɖe ka asi ame kuku ŋuti, eye wòzu ame makɔmakɔ, hafi wòka asi nuɖuɖu siawo ƒe ɖe ŋuti la, ɖe nu siawo hã zu nu makɔmakɔa?” Nunɔlaawo ɖo eŋu be, “Ɛ̃, wozu nu makɔmakɔwo.”


Nu sia nu si ŋu ame si ŋuti mekɔ o la ka asii la ŋu makɔ o va se ɖe fiẽ.”


Tsã la, mia dometɔ aɖewo ƒe agbenɔnɔ sɔ pɛpɛpɛ kple ame baɖa siawo tɔ. Ke fifia la, woklɔ miaƒe nu vɔ̃wo katã ɖa le mia ŋu eye le nu si Aƒetɔ Yesu Kristo kple Mawu ƒe Gbɔgbɔ la wɔ na mi ta la, Mawu xɔ mi miezu eƒe ame tɔxɛwo.


mina míate ɖe Mawu ŋu le dzi vavã me kple xɔse ƒe kakaɖedzi blibo la me kple dzi siwo ŋu wohlẽ ʋu ɖo be wòaklɔ mía ŋuti tso dzitsinya vɔ̃ɖiwo me, eye wòale tsi na míaƒe ŋutilãwo kple tsi zɔzrɔ̃e.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa