Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 22:16 - Agbenya La

16 Ne ame aɖe da le se sia dzi la, eɖi fɔ, eye wòde eɖokui dzɔgbevɔ̃e gã aɖe me, elabena eɖu nunana kɔkɔe la, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa nunanawo ŋuti.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Eye womegana woaɖu woƒe nunana kokoe la, aɖa vo, eye woƒe fɔɖiɖi la nanɔ wo dzi o. Nyee nye Yehowa, si ko wo ŋu!

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 22:16
15 Mawu Ofanana  

Nye dzidada kɔ gbɔ tanye abe agba kpekpe si nyemate ŋu atsɔ o la ene.


Ale wòanɔ Aron ƒe ŋgonu, eye Aron atsɔ vodada siwo anɔ Israelviwo ƒe nunanawo ŋu la aƒu akɔ. Ele be wòakplae ɣe sia ɣi si wòado ɖe Yehowa ŋkume ale be, Mawu nakpɔ ŋudzedze le nunanawo ŋu, eye wòatsɔ nu vɔ̃wo ake.


Ebia wo be, “Nu ka ta mieɖu nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la, si nye nu kɔkɔe ƒe nu kɔkɔe la le teƒe kɔkɔe la o, le esime wotsɔe na mi be miatsɔ aɖe ameawo ƒe nu vɔ̃wo kple dzidadawo ɖa, eye mialé avu le woawo kple Yehowa dome?


Miwɔ nye seawo katã dzi, elabena nyee nye Yehowa, ame si kɔa mia ŋuti.


elabena mele be wòanye fofo na ɖevi siwo nyɔnu si wòɖe la kplɔ va atsuƒee o; nu sia aɖi gbɔ̃ eya ŋutɔ ƒe viwo le eƒe amewo dome, elabena nyee nye Yehowa, ame si wɔe kɔkɔe.’ ”


gake mekpɔ mɔ ayi xɔmetsovɔ la godo alo ate ɖe vɔsamlekpui la ŋu o, le eƒe nuwɔametɔnyenye ta, ale be magaƒo ɖi nye teƒe kɔkɔe la o, elabena Yehowae kɔ eŋuti.’ ”


Mibu wo be wole kɔkɔe, elabena woawoe tsɔa miaƒe Mawu la ƒe Nuɖuɖunana. Mibu wo kɔkɔe, elabena nye Yehowa mele kɔkɔe, nye ame si wɔ mi miele kɔkɔe.


Yehowa gblɔ na Mose be,


“ ‘Gblɔ na nunɔlawo be woawɔ se siawo dzi nyuie, ne menye nenema o la, woaɖi fɔ, eye woaku le se siawo dzi dada ta. Nyee nye Yehowa, ame si kɔ wo ŋuti.


Ne woɖu akpedavɔsalã la ƒe ɖe le ŋkeke etɔ̃a gbe la, womaxɔe nɛ o, womabui na ame si sa vɔ la o, elabena eŋuti mekɔ o, eye ame si aɖui la aɖi fɔ.


Yehowa ƒo nu na Aron azɔ gblɔ be, “Enye wò kple viwò ŋutsuwo kple wò ƒometɔwo ƒe dɔdeasi be miakpɔ egbɔ be, nu kɔkɔe aɖeke mezu nu makɔmakɔ o, eye anye miawo ƒe vodada ne kpɔtsɔtsɔ aɖe ava miaƒe nunɔladɔwo wɔwɔ ŋuti.


Mi, Levi ƒe viwo la, miada vo o, ne miexɔ ameawo ƒe nuwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na Yehowa, eye mietsɔ nu siawo ƒe nyuitɔwo ƒe akpa ewolia ƒe ɖeka na nunɔlawo. Ke mikpɔ nyuie be miabu Israelviwo ƒe nunana kɔkɔewo abe nu dzodzrowo wonye ene o. Ne miewɔ esia la, miaku.’ ”


Mi bometsila ŋkuagbãtɔwo! Kae lolo wu, sika la alo gbedoxɔ si wɔ sika la gɔ̃ hã be wòle dzadzɛea?


Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃, eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, eye to eƒe abi si wòxɔ me la, míekpɔ dɔyɔyɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa