Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 21:9 - Agbenya La

9 Ne nunɔla aɖe ƒe vinyɔnu gblẽ kɔ ɖo na eɖokui hetrɔ zu gbolo la, edo ŋukpe fofoa, ele be woatɔ dzoe agbagbe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ne nunɔlaa ɖe ƒe vinyɔnu gblẽ le ahasi wɔm la, ekema eƒo ɖi fofoa; ele be, woatɔ dzoe.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 21:9
16 Mawu Ofanana  

Le ɣleti etɔ̃ megbe la, woɖo du ɖe Yuda be toyɔvia Tamar fɔ fu le gbolowɔwɔ ta. Yuda do ɣli be, “Mihee vɛ, eye miatɔ dzoe!”


“Ele be miadzudzɔ le Dzudzɔgbe la dzi, elabena enye ŋkeke kɔkɔe na mi. Ele be woawu ame sia ame si ada le se sia dzi la, eye woaɖe ame sia ame si awɔ dɔ le ŋkeke sia dzi la ƒe agbe ɖa le etɔwo dome.


Ŋɔdzi lé nu vɔ̃ wɔla siwo le Zion, eye vɔvɔ̃ dze Mawumavɔ̃lawo dzi, wobia be, “Mía dometɔ kae anɔ te ɖe dzobinu la nu? Mía dometɔ kae anɔ anyi ɖe dzo mavɔ̃ sia me.”


Miwu ŋutsu tsitsiwo, ɖekakpuiwo, ɖetugbiwo, nyɔnuwo kple ɖeviwo siaa, gake migaka asi ame aɖeke si ŋu dzesi le la ŋu o.” Midze egɔme tso ame tsitsi siwo nɔ gbedoxɔ la ŋgɔ la dzi.


“ ‘Mègagblẽ viwò ɖetugbi ƒe dzadzɛnyenye me to ewɔwɔ gboloe me o. Ne menye nenema o la, anyigba la azu gbolonyigba, eye ŋukpenanuwo anɔ edzi.


“ ‘Ŋutsu si dɔ nyɔnu aɖe kple nyɔnu la dada gbɔ la, wɔ nu vɔ̃ triakɔ aɖe. Woatɔ dzo wo ame etɔ̃ la katã agbagbee be wòaɖe ŋukpenanu vɔ̃ɖi sia ɖa le mia dome.


“ ‘Kpɔ ɖa, le miawo ta la, maka ŋkume na miaƒe dzidzimeviwo, eye matsɔ lã siwo mietsɔ vɛ nam la ƒe afɔdzi ahlẽ ɖe mo na mi, eye matsɔ mi aƒu gbe ɖe aɖukpo dzi.


ekema ʋɔnudrɔ̃lawo akplɔ nyɔnu la ayi fofoa ƒe aƒememɔnu, afi si dua me ŋutsuwo aƒu kpee le wòaku. Ewɔ nu vɔ̃, eye wògblẽ kɔ ɖo na Israel to gbolowɔwɔ me le edzilawo ƒe aƒe me. Ele be miaɖe nu vɔ̃ sia tɔgbi ɖa le mia dome.


Ele na hamemegã be wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ŋutsu si ƒe viwo lé xɔse la me ɖe asi, eye nya mele wo ŋu be wonye aglãdzelawo kple tomaɖolawo o.


Ekema woatɔ dzo ame si da le sea dzi la ƒe nuwo kple nu sia nu si nye etɔ la, elabena eda le Yehowa ƒe nubabla la dzi, eye wòhe dzɔgbevɔ̃e va Israel dukɔ la dzi.’ ”


Yosua gblɔ na Axan le afi ma be, “Nu ka ta nèhe dzɔgbevɔ̃e va mía dzi ɖo? Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e va wò hã dzi azɔ.” Ale Israelviwo ƒu kpe wo woku, wotɔ dzo wo,


Ale ɖekakpui siawo ƒe nu vɔ̃ tri akɔ le Yehowa ƒe ŋkume elabena wodoa vlo ameawo ƒe vɔ siwo wosana na Yehowa.


“ ‘Azɔ nu si ava dzɔ ɖe viwò ŋutsu eveawo, siwo nye Hofni kple Finehas dzi anye dzesi na wò; wo ame evea katã woaku le ŋkeke ɖeka dzi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa