Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 21:1 - Agbenya La

1 Yehowa gblɔ na Mose be, “Gblɔ na Aron ƒe vi nunɔlawo be, ‘Mele be nunɔla naƒo ɖi eɖokui to asikaka ame kukuwo ŋu me o,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eye Yehowa gblɔ na Mose bena: Gblɔ na Aron viŋutsu, siwo nye nunɔlawo la bena: Nunɔlaa ɖeke megagblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kuku ŋu le eƒe dukɔ la dome o;

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 21:1
12 Mawu Ofanana  

“ ‘Nunɔla aɖeke magblẽ kɔ ɖo na eɖokui to tete ɖe ame kuku aɖeke ŋu me o, ke ne ame kuku la nye fofoa alo dadaa, Via ŋutsu alo via nyɔnu, nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu srɔ̃manɔsitɔ la, ekema ate ŋu agblẽ kɔ ɖo na eɖokui.


“Miɖo to nya sia, O, mi nunɔlawo kple Israel ƒe aƒe, miƒu to anyi; O, mi fia ƒometɔwo katã, miɖo to, mebe mi katã miatsrɔ̃! Elabena mieble nye dukɔ la le Mizpa, mienye ɖɔ woɖo ɖe Tabɔr to dzi


“ ‘Migasi mia ɖokuiwo alo miasi ame aɖe ŋuti le tsyɔ̃wɔwɔ me o. Nyee nye Yehowa.


Mekpɔ mɔ age ɖe teƒe si ame kuku le o. Mekpɔ mɔ hã be wòagblẽ kɔ ɖo na eɖokui, na fofoa alo dadaa gɔ̃ hã o.


“Mi nunɔlawo, miɖo to ne miase sedede sia si tso Yehowa, gbɔ.


Ekema mlɔeba la, mianyae be nyee xlɔ̃ nu mi be miatrɔ ɖe nubabla si mewɔ kple mia fofo, Levi la ŋuti.’ ” Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


“Ame sia ame si ka asi ame kuku ŋu la ŋuti makɔ o ŋkeke adre.


“Se siwo dzi woawɔ ne ŋutsu aɖe ku le agbadɔ aɖe me la woe nye esiawo: Ame sia ame si ge ɖe agbadɔ la me kple ame siwo nɔ agbadɔ la me ɣe ma ɣi la ŋuti mekɔ o ŋkeke adre.


“Ne ame aɖe le gbedzi, eye wòka asi ame si wowu le aʋa me alo ame si ku le mɔ bubu aɖe nu ƒe kukua ŋuti alo ka asi ame kuku aɖe ƒe ƒu alo yɔdo ŋu la, eŋuti mekɔ o ŋkeke adre.


“Ɖe gbe na Israelviwo be woaɖe ame siwo katã nye anyidzelawo kple ame siwo katã ŋu tsi ƒomevi aɖe le dodom le kple ame siwo katã gblẽ kɔ ɖo le ame kuku aɖe ta la ɖa le asaɖa la me.


“ ‘Le ɣeyiɣi si me wòɖe eɖokui ɖe aga na Yehowa la, mate ɖe ame kuku ŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa