Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 19:8 - Agbenya La

8 Ne mieɖui le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mieɖi fɔ, elabena miedo ŋunyɔ Yehowa ƒe kɔkɔenyenye, eye woaɖe mi ɖa tso Yehowa ƒe amewo dome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Amesi ɖui la, eƒe vodada le edzi, elabena egblẽ kɔ ɖo na Yehowa ƒe nu kɔkɔe la, eye woatsrɔ̃ ame la ɖa le eƒe dukɔ me viwo dome.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 19:8
7 Mawu Ofanana  

Ele be woaɖe ame sia ame si awɔ etɔgbi alo atsɔe asi na ame aɖe si menye nunɔla o la le ha me.’ ”


elabena esi woaɖu le ŋkeke etɔ̃a gbe la, madze ŋunye o, eye nyemate ŋu axɔe o.


“ ‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o.


elabena ame siwo mekpɔ mɔ aɖu vɔsanu kɔkɔe la o la magblẽ kɔ ɖo na vɔsanu kɔkɔe siwo Israelviwo tsɔ vɛ la o, elabena Yehowae wotsɔ vɔsanu siawo vɛ na.


“ ‘Ne ame aɖe se be woɖe gbeƒã be woava ɖi ɖase le nu vɔ̃ si ame bubu aɖe wɔ la ŋu si wòkpɔ alo nya nu le eŋu, gake meɖi ɖase le eŋuti o la, ekema ewɔ nu vɔ̃.


Woaɖe nunɔla si ŋuti mekɔ o, gake wòɖu akpedavɔsanu la le wo tɔwo dome, elabena ena nu si nye Yehowa tɔ la trɔ zu nu makɔmakɔ.


Woaɖe ame sia ame si aka asi nu makɔmakɔ aɖe ŋu, ne nu makɔmakɔ la tso amegbetɔ alo lã aɖe gbɔ, gake wòaɖu ŋutifafavɔsanu ƒe ɖe la le etɔwo dome, elabena eƒo ɖi nu si nye nu kɔkɔe la.’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa