Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 19:10 - Agbenya La

10 Miwɔ nenema ke le miaƒe wain tsetsewo hã gome. Migagbe kutsetseawo katã o, eye migafɔ esiwo ge ɖe anyigba hã o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, elabena nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Megaxa wò weingblemenuwo ƒiaƒiaƒia o, eye megafɔ tsetse, siwo dudu ɖe anyi hã o: ke boŋ gblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzrowo. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 19:10
16 Mawu Ofanana  

Kutsetse ʋɛ aɖewo asusɔ abe ale si ne wogbe amiti vɔ, eye kutsetse eve alo etɔ̃ aɖewo susɔna ɖe eƒe adzame ene. Wo ame ene alo atɔ̃ nɔa atiawo ƒe alɔwo dzi la ene.” Yehowa Israel ƒe Mawu lae gblɔe.


Alea wòanɔ le anyigba la dzi kple dukɔwo dome. Anɔ abe amiti si dzi wogbe kutsetsewo katã vɔ le alo abe wainka si dzi wogbe wain tsetsewo le hegble kutsetse wuwlui aɖewo ko ɖo la ene.


Ne waintsetsegbelawo va gbe waintsetsewo na wò la, ɖe womagblẽ ʋe aɖewo ɖi oa? Ne fiafitɔwo va le zã me be woafi wò nuwo la, ɖe menye esi sinu woate ŋui la ko woatsɔ adzoe oa?


Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu. Minɔ dzadzɛe le nu siawo ŋuti, eye mianɔ kɔkɔe, elabena kɔkɔetɔe menye. Eya ta migaƒo ɖi mia ɖokuiwo to asikaka nu siwo tana le anyigba la dometɔ aɖeke ŋu me o.


“ ‘Migafi fi o. “ ‘Migada alakpa o. “ ‘Ame aɖeke megaba nɔvia o.


Ƒe atɔ̃lia ƒe kutsetsewoe nye mia tɔ. Nyee nye Yehowa miaƒe Mawu.


“ ‘Ne miexa miaƒe agblemenuwo la, migaŋe nuku siwo le agblea to o, eye migafɔ nuku siwo dudu ɖe anyigba hã o.


“ ‘Ne miexa miaƒe nukuwo la, mele be miaŋe nu sia nu va se ɖe boto ke o, eye mele be miafɔ nukui siwo dudu ɖe anyigba o. Migblẽ wo ɖi na ame dahewo kple amedzro siwo le mia dome, ame siwo si anyigba mele o. Nyee nye Yehowa, miaƒe Mawu.’ ”


Nuɖuɖu ɖe sia ɖe si ado tso anyigba la me le dzudzɔƒe la me la, anye nuɖuɖu na mi, na wò ŋutɔ, wò ŋutsusubɔla kple wò nyɔnusubɔla kple agbatedɔwɔla kple ame si le gbɔwò le ŋkeke mawo me ko,


“Ne fiafitɔwo va fi wò, eye adzodalawo va dze dziwò le zã me hefi wò nuwo ɖe, womagblẽ nanewo ɖi na wò oa? O, gbegblẽ gã ka wòanye anɔ lalawòm! Ne waintsetsefilawo hã va wò waingble me ɖe, ɖe womagblẽ ʋɛ aɖewo ɖi na wò o mahã?


Baba nam! Elabena mele ko abe ame aɖe si le kutsetse dim vevie le ati dzi le esi nuŋeɣi nu va yi vɔ la ene. Elabena nyemekpɔ kutsetse ɖiɖi aɖeke agbe, aɖu, atsɔ atsi nye dɔwuame nu o.


Ne èle wò nukuwo xam le wò agble me, eye nèŋlɔ nuku babla aɖe be ɖe agblea me la, mègatrɔ yi ɖatsɔe o. Gblẽe ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo. Ekema Yehowa, wò Mawu la ayra wò asinudɔwo katã woadze edzi na wò.


Ne ègbe kutsetsewo le amiti dzi la, mègatsa atilɔawo dzi zi evelia o. Gblẽ kutsetse siwo atsi atilɔawo dzi la ɖi na amedzrowo, tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo.


Se sia kee le wò wain tsetsewo gbegbe hã ŋu. Ne ègbe wò wain tsetsewo la, mègatsa le alɔawo dzi zi evelia o, ke boŋ gblẽ kutsetse siwo tsi atia dzi la ɖi na hiãtɔwo.


Ke Gideon ɖo eŋu be, “Ɖe Efraim ƒe wainxaxa mlɔetɔ menyo wu Abiezer ƒe wainxaxa blibo la oa?


Gbe ɖeka la, Rut gblɔ na Naomi be, “Medi be mayi dɔmenyotɔ aɖe ƒe agble ne mafɔ nuku si nuxalawo gblẽ ɖi la va aƒe me.” Naomi gblɔ be, “Enyo; heyi.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa