Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 18:3 - Agbenya La

3 Mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Egipte, afi si mienɔ la ene o. Nenema ke mele be miawɔ nu abe ale si wowɔna le Kanaan, afi si mele mia kplɔm le yiyim la ene o. Migawɔ woƒe wɔnawo o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Migawɔ Egipte-nyigba, si dzi mienɔ la, dzinɔlawo ƒe nuwɔnawo o, eye migawɔ Kanaan-nyigba, si dzi mekplɔ mi yinae la, dzitɔwo ƒe nuwɔnawo o, eye migawɔ woƒe ɖoɖowo dzi hã o.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 18:3
15 Mawu Ofanana  

Wodze dukɔ siwo Yehowa nya le wo ŋgɔ la ƒe subɔsubɔwo yome hekpe ɖe subɔsubɔ siwo Israel fiawo he vɛ la ŋu.


ke boŋ wotsaka kple dukɔwo, eye wosrɔ̃ woƒe kɔnyinyiwo.


“Mègasubɔ dukɔ bubu siawo ƒe mawu alo asa vɔ na wo le mɔ aɖeke nu o, eye mègadze trɔ̃subɔdukɔ siawo ƒe kpɔɖeŋu vɔ̃ɖiwo yome o. Ele na wò be nàɖu wo dzi, eye nàgbã woƒe legbawo.


Meɖe asi le gbolowɔwɔ si gɔme wòdze le Egipte la ŋu o. Le eƒe ɖetugbime la, ŋutsuwo dɔna kplii, lia asi eƒe akɔnu hewɔa ahasi kplii vivivo.


Migawɔ dukɔ siwo manya ɖa le mia ŋgɔ la ƒe kɔnuwo o, elabena nu tovo siwo katã ŋu mede se na mi le la, woawoe wowɔna. Nu sia tae melé fu wo ɖo.


Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.


Miekpɔ mɔ asa vɔ na Yehowa, miaƒe Mawu la le afi sia afi ko abe ale si trɔ̃subɔlawo sãa vɔe na woƒe mawuwo ene o,


Miekpɔ woƒe mawu ɖigbɔ̃ siwo wowɔ kple ati, kpe, klosalo kple sika.


“Ne Yehowa miaƒe Mawu wɔ esia na wò la, mègagblɔ na ɖokuiwò be, ‘Yehowae ve nunye, elabena menye ame dzɔdzɔe o.’ Mele nenema o. Dukɔ kemɛwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae Yehowa le esia wɔ ge ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa