Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




3 Mose 17:10 - Agbenya La

10 “ ‘Mado dɔmedzoe ɖe ame sia ame, Israelvi loo alo amedzro si le mia dome, si aɖu lã aɖe ƒe ʋu la ŋu. Maɖee ɖa le eƒe amewo dome.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Ne Israel ƒe aƒemetɔa ɖe alo amedzrovi, si le wo dome, ɖu lãʋua ɖe la, maɖe ŋku atɔ amesi ɖu ʋua la, eye matsrɔ̃e ɖa le eƒe dukɔ la dome.

Onani mutuwo Koperani




3 Mose 17:10
25 Mawu Ofanana  

“Ke mele be miaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o.


hegblɔ be, “Yehowa, nyemate ŋu awɔ esia gbeɖe o!” “Esiae nye ame etɔ̃ siwo tsɔ woƒe agbe ke la ƒe ʋu.”


ke Yehowa klẽa ŋku ɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo be wòaɖe wo ɖa le anyigba dzi, eye womagaɖo ŋku wo dzi akpɔ o.


Ele be woaɖe ame sia ame si awɔ etɔgbi alo atsɔe asi na ame aɖe si menye nunɔla o la le ha me.’ ”


Meɖo vɔ̃ ɖe du sia ŋuti kplikpaa, ke menye nyui o. Woatsɔe ade asi na Babilonia fia, eye wòagbãe, atɔ dzoe.’ Yehowae gblɔe.


“Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Meɖoe kplikpaa be, mahe dzɔgbevɔ̃e va mia dzi, eye matsrɔ̃ Yuda katã.


Matɔ ŋku ame ma, mawɔe wòanye kpɔɖeŋu kple nyatoto, eye maɖee ɖa le nye amewo dome. Ekema mianyae be, nyee nye Yehowa.’


Mana nye mo nanyra ɖe wo ŋu. Togbɔ be wodo le dzoa me hã la, dzo la agabi wo kokoko. Eye ne mena nye mo nyra ɖe wo ŋu hã la, mianya be, nyee nye Yehowa.


Eya ta gblɔ na wo be, aleae Aƒetɔ Yehowa gblɔ. ‘Esi mieɖua lã si me ʋu gale, miekpɔa miaƒe legbawo dzi ɖa, eye miekɔa ʋu ɖi la, ekema ɖe anyigba la anye mia tɔa?


Kpe ɖe miaƒe ŋukpenanuwɔna bubuawo ŋu la, miekplɔ amedzro, ame siwo wometso aʋa na le dzi me alo le ŋutilã me o la, va nye kɔkɔeƒe la, eye miegblẽ kɔ ɖo na nye gbedoxɔ la le esime miena nuɖuɖum, lãmi kple ʋu, eye mietu nye nubabla la.


Esi lã aɖe ƒe agbe le eƒe ʋu me ta la, metsɔ lãwo ƒe ʋu na mi be miahlẽ ɖe vɔsamlekpui la dzi abe miaƒe luʋɔwo ŋuti kɔkɔ ene. Ʋue léa avu, elabena eyae nye agbe la.


“ ‘Migaɖu lã si me ʋu metsyɔ le la o. “ ‘Migaka afa alo miawɔ adze o.


“Maɖe ŋku atɔ mi; miasi le miaƒe futɔwo nu. Ame siwo lé fu mi la aɖu mia dzi. Gawu la, miade asi sisi me, togbɔ be ame aɖeke manɔ mia nyam o hã!


Esia nye se na mi tegbetegbe le miaƒe anyigba blibo la dzi be miekpɔ mɔ aɖu ami alo ʋu o.’ ”


Togbɔ be woƒe futɔwo akplɔ wo ayi aboyo me hã la, afi ma hã maɖe gbe be woawu wo kple yi. “Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu na vɔ̃, ke menye na nyui o.”


Ke ɖeko míaŋlɔ na wo be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu, eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ.


be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kple lã tsiʋumewo ɖuɖu, eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi sesĩe.


Ʋu la koe miaɖu o; mina wòatsyɔ ɖe anyigba abe tsi ene.


gake migaɖu lã si me ʋu le la o, elabena lã ƒe agbe le eƒe ʋu me, eye mele be miaɖu agbe la kple lã la o.


gake migaɖu lã la ƒe ʋu ya o, ke boŋ mina wòaɖuɖu ɖe anyigba abe tsi ene.”


Tohehe gã kae miesusu be mehedze na ame si titi afɔ ɖe Mawu ƒe Vi la dzi oa? Ame si do ŋunyɔ nubabla la ƒe ʋu si klɔ eŋuti la abe nu makɔmakɔ wònye ene, eye wòdzu amenuveve ƒe Gbɔgbɔ la?


Gbe ma gbe fiẽ la, wowu alẽ, nyi kple nyivi siwo woha le aʋa la me eye woɖu woƒe lã kple ʋua katã nenema.


Ame aɖe gblɔ nya si dzɔ la na Saul be ameawo nɔ nu vɔ̃ wɔm ɖe Yehowa ŋu to nuɖuɖu me. Saul gblɔ be, “Nu sia mesɔ kura o! Mimli kpe gã aɖe vɛ nam


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa